Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Mose 19:21 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

21 Eye Yehowa gblɔ na Mose bena: Ɖi yi ɖaxlɔ̃ nu dukɔ la bena, womegagbɔ liƒo la me, ava Yehowa gbɔ, nu kpo ge o, elabena wo dometɔ geɖewo ava ku.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

21 Yehowa gblɔ na Mose be, “Ɖi nàyi ameawo gbɔ, eye nàde se na wo be ame aɖeke mekpɔ mɔ agbɔ liƒoawo dzi o. Mele be woava afi sia, adze agbagba be yewoakpɔm o. Ame si ake atse la aku.

Onani mutuwo Koperani




2 Mose 19:21
12 Mawu Ofanana  

Tete Mose gblɔ bena: Mate ɖe eŋu, ne makpɔ nukpekpe gã sia ɖa, nusi ŋuti ŋuve la mele fiefiẽm o ɖo.


Eye wògblɔ bena: Megale va afisia o, ɖe wò atokotawo le afɔ; elabena anyigba, si dzi nèle la, teƒe kɔkɔee!


Eye wògagblɔ bena: Mate ŋu akpɔ nye ŋku me o, elabena amea ɖeke makpɔm aganɔ agbe o.


Wò nu megatsɔ blablabla o, eye wò dzi megatsɔ, ne wòaƒo nu le Mawu ŋku me o; elabena Mawu le dziƒo, eye wòa nèle anyigba, eyata wò nyawo nenɔ ʋee.


Ne Aron kple viaŋutsuwo bia nu ɖe nu kɔkɔeawo kple wo ŋu nuawo katã ŋu va, eye ameha la le hoho ge la, eya ko hafi Kehat viwo nava atsɔ wo, bena womagaka asi nu kɔkɔeawo ŋu ahaku o. Esiawo nye Mawu ƒe agbadɔ la ŋu nusiwo Kehat-viwo natsɔ.


Migana Kehat viwo natsrɔ̃ ɖa le Lewitɔwo dome o;


ke boŋ miwo ale na wo, bena ne wote ɖe nu kɔkɔewo ƒe nu kɔkɔeawo ŋu la, ne womagaku o. Aron kple viaŋutsuawo nayi ɖe eme, eye woafia amesiame ƒe da kple eƒe agbae.


Ke womegava eme akpa nu kɔkɔeawo aɖabaƒoƒo ɖeka pɛ hã, ne woava ku o.


eye menɔ mia kple Yehowa dome ɣemaɣi, bena magblɔ Yehowa ƒe nyawo na mi, elabena miele dzo lã vɔ̃m, eye mieha to la o. Eye wògblɔ bena:


Eye wowu amewo le Bet-Semestɔwo dome, elabena wokpɔ Yehowa ƒe aɖaka la. Ewu ame akpe blaatɔ̃ kple blaadre le dukɔ la dome. Tete dukɔ la fa konyi, elabena Yehowa wu amewo le dukɔ la dome ŋutɔ.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa