Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Mose 18:23 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

23 Ne èwɔ alea, eye Mawu lɔ̃ ɖe dzi na wò la, ekema àkpɔ gbɔdzɔe, eye dukɔ blibo la hã ayi aƒe me le ŋutifafa me.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

23 Ne èzɔ ɖe aɖaŋu sia dzi, eye Mawu lɔ̃ la, àte ŋu anɔ te ɖe dɔ sesẽ sia nu, eye tomefafa kple nusɔsɔ anɔ asaɖa la me.”

Onani mutuwo Koperani




2 Mose 18:23
15 Mawu Ofanana  

Ke esi Yehowa wu nuƒoƒo kple Abraham nu la, edzo; eye Abraham hã trɔ yi aƒe.


Ke esi Raxel dzi Yosef megbe la, Yakob gblɔ na Laban bena: Do mɔm, ne mayi mía de.


Ke aʋakɔ la ɖo ŋu bena: Megayi o; elabena ne míesi la, womabui na mí o, eye ne miaƒe akpa afã ku hã la, womabui na mi o; elabena ele abe mía dome ame akpe ewo ene. Eyata ne axɔ na mi tso dua me la, anyo wu.


Fia la gblɔ be: Kimham neyi kplim, eye mawo nusi nyo ŋuwò la nɛ, eye nusianu, si nèdi tso asinye la, mawɔe na wò.


Ke Zeruya vi Abisai xɔ nɛ, eye wòwu Filistitɔ la. Ɣemaɣi Dawid ƒe ŋutsuwo ka atam nɛ bena: Magade aʋa kpli mi azɔ o, ne nagatsi Israel ƒe akaɖi la o!


Mikpɔ ɖa Yehowa na dzudzɔgbe mi, eyata wòna nuɖuɖu mi le ŋkeke adelia dzi ɖe ŋkeke eve nu. Amesiame natsi aƒe, eye amea ɖeke nagado go le aƒe me le ŋkeke adrelia dzi o!


Ɖeɖi ate wò ŋutɔ kple dukɔ, si le gbɔwò la ŋu. Elabena dɔ la sesẽ na wò akpa; wò ɖeka màte ŋu awɔe o.


bena woadrɔ̃ ʋɔnu na dukɔ la ɣesiaɣi, negbe nya veviwo ko woatso va gbɔwò; ke nya kpotokpotoewo la woa ŋutɔwo nadrɔ̃e. Ale naɖe agba le ɖokuiwò dzi, eye woaxɔ na wò.


Eye Mose ɖo to toa ƒe gbe, eye wò wo nusianu, si wògblɔ nɛ la.


Eye esi menye nusese kple anukutsyɔtsyɔ via ɖe wònye dzɔ ɖe woawo kple Paulo kple Barnaba dome o la, woɖo bena, Paulo kple Barnaba kpakple wo dometɔa ɖewo nayi apostolowo kple hamemegã, siwo le Yerusalem la gbɔ le biabia sia ta.


Ke meyi le nyaɖeɖefiaa ɖe nu, eye metsɔ nyanyuie, si meɖea gbe ƒã le trɔ̃subɔlawo dome la, ɖo wo ŋku me, ke vevietɔ amesiwo wohuna be, wonye nane la ŋku me, bena nyemele du sim dzodzro alo mesi du dzodzro o.


Eye Yehowa gblɔ na Samuel bena: Ɖo to woƒe gbe, eye nado fia ɖe wo nu! Tete Samuel gblɔ na Israel-ŋutsuwo bena: Mia dome amesiame negbugbɔ yi eƒe du me!


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa