Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Mose 18:21 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

21 Tia ŋutsu zãzɛwo le dukɔ la dome, amesiwo vɔ̃a Mawu, ɖia anukware, eye woléa fu ŋubiabiã, eye naɖo wo amegãwoe, amea ɖewo ɖe ame akpe nu, amea ɖewo ɖe ame alafa nu, amea ɖewo ɖe ame blaatɔ̃ nu, eye amea ɖewo ɖe ame ewo nu,

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

21 “Di ame zazɛ̃ aɖewo, ame siwo vɔ̃a Mawu, ame siwo gblɔa nyateƒe eye wotsri zãnuxɔxɔ. Tia wo, eye nàɖo wo ʋɔnudrɔ̃lawo ɖe ameawo dzi. Ame aɖewo ɖe ame akpe nu, Ame aɖewo ɖe ame alafa nu, Ame aɖewo ɖe ame blaatɔ̃ nu eye Ame aɖewo ɖe ame ewo nu.

Onani mutuwo Koperani




2 Mose 18:21
49 Mawu Ofanana  

Eye wògblɔ bena: Megaka asi ɖevi la ŋu o, eye megawɔ nanekee o! Menyae azɔ bena, èvɔ̃a Mawu, elabena mete wò tenuvi lam o.


Le ŋkeke etɔ̃agbe la Yosef gblɔ na wo bena: Miwɔ esia, ne míatsi agbe, elabena mevɔ̃a Mawu.


Egipte-nyigba la enye si, na bena woano teƒe nyuitɔ, na fofowò kple nɔviwòwo nanɔ Gosen-nyigba la dzi Eye ne ekpa bena, ame zãzɛwo le wo dome la, ekema natsɔ nye lãhawo ade wo si.


Eye Dawid xlẽ dukɔ la, eye wòɖo amegãwo ɖe ame akpe kple ame alafa nu.


Israel ƒe Mawu la ƒo nu, Israel ƒe agakpe la gblɔ nam bena: Amesi ɖu amegbetɔwo dzi dzɔdzɔe kple amesi ɖu dzi le mawuvɔvɔ̃ me la,


Eye wòava me be, ne medzo le gbɔwò la, Yehowa ƒe gbɔgbɔ akplɔ wò adzoe ayi afisi nyemenya o. Eye ne meva gblɔe na Axab, eye mekpɔ wò o la, ekema awum; evɔ wònye wò dɔla vɔ̃a Yehowa tso eƒe ɖevime ke hafi.


Eye Axab yɔ Obadya, amesi nye eƒe aƒedzikpɔla. Ke Obadya vɔ̃a Yehowa ŋutɔ.


Eye wò Ezra ɖo ʋɔnudrɔ̃lawo kple dzikpɔlawo le wò Mawu ƒe nya, si le asiwò la nu, ne woadrɔ̃ ʋɔnu dukɔ, si katã le tɔsisi la ƒe go keme dzi, amesiwo katã nya wò Mawu ƒe seawo, eye amesi ke menya wo o la, mifia woe.


Tete megblɔ bena: Nusi wɔm miele la, menye o, Esi dukɔ, siwo nye míaƒe futɔwo, le alɔme ɖem le mía ŋu la, ɖe míagbe zɔzɔ le mía Mawu la vɔvɔ̃ mea?


Eye meɖo nɔvinye Xanani kple mɔ̃ la ƒe amegã Xananya Yerusalem nu, elabena enye anukwaretɔ kple mawuvɔ̃la wu ame bubu geɖewo.


Ŋutsua ɖe nɔ Uz-nyigba dzi, si ŋkɔ nye Hiob. Ŋutsu sia nye ame maɖifɔ, ame dzɔdzɔe kple mawuvɔ̃la, eye wòtsri nu vɔ̃ɖi.


Fofoe menye na ame dahewo, eye media ame manyamanya ƒe ʋɔnunyagɔme.


Ne nye dɔlaŋutsu kple nye dɔlanyɔnu do nya me kplim, eye megbe woƒe nya dzɔdzɔe la,


Dawid ƒe ha. Yehowa, ameka adze wò gbadɔ me, eye ameka anɔ wò to kɔkɔe la dzi ma?


amesi menaa eƒe ga ɖe deme dzi o, eye mexɔa zãnu ɖe ame maɖifɔ ŋu o. Amesi wɔa nusiawo la, ke maɖe le ete gbeɖegbeɖe o.


Tete Mose gblɔ na Yosua bena: Tia ŋutsuwo kpe ɖe ŋuwò, eye nayi aɖawɔ aʋa kple Amalek etsɔ; ke nye la maɖatsi tre ɖe togbe la tame, eye male Mawu ƒe atikplɔ la ɖe asi.


Eye Mose tia ŋutsu zãzɛwo le Israel-viwo dome heɖo amegãwoe ɖe dukɔ la nu. Ɖewo de ame akpe nu, ɖewo ɖe ame alafa nu, ɖewo ɖe ame blaatɔ̃ nu, eye ɖewo ɖe ame ewo nu.


Anyigbadzitɔwo ƒe vodadawo nana emegãwo sɔ gbɔna, eye to nugɔmesela nyanu ɖeka dzi nu dzɔdzɔe wɔwɔ nɔa anyi dedie.


Mina míase nyaawo kalã ƒe taƒonya be: Vɔ̃ Mawu, eye nalé eƒe seawo me ɖe asi; elabena esia nye amegbetɔtvo katã tɔ!


Eye woatsɔ amenuveve ali ke fiazikpuia ɖe, eye ʋɔnudrɔ̃laa ɖe anɔ edzi le Dawid ƒe agbadɔ me ɖikaa, amesi dia nya dzɔdzɔe yome, eye wòsea dzɔdzɔenyenye me.


Amesi ƒe zɔzɔme to mɔ ɖeka, eye eƒe nuƒoƒo le eme, amesi tsri ŋutasesẽ tsɔtsɔ kpɔ viɖee, amesi ʋuʋu eƒe asi, be magaxɔ zãnunana o, amesi xe eƒe towo, be magase hlɔ̃dodo o, amesi mia eƒe ŋkuwò, be womagakpɔ vɔ̃ɖiwɔwɔ o la,


Amea ɖeke meli, si biaa dzɔdzɔenyenye ta sena o, eye ame ɖeke medrɔ̃a ʋɔnu ɖe eteƒe o, woɖoa ŋu ɖe nu dzodzroa ŋu, eye wodaa alakpa, wofɔa hiãkame ƒe fu hetsɔa dzɔgbevɔ̃e dzina.


Miyi ɖatsa le Yerusalem ƒe kpɔdomeewo, mikpɔ nu, eye midze si nu, midi nu gɔme se le eƒe ablɔwo me, be míakpɔ amea ɖe loo, alo amea ɖe li, si wɔa nu dzɔdzɔe, eye wòbiaa nyateƒe ta sena hã, ekema màtsɔe akee.


meɖia kasa le agbanadodo me o, eye mexɔa deme o, eɖea eƒe asi ɖa tso nu gbegblẽ wɔwɔ me, eye wòtsoa afia na ame kple ehavi ɖe eteƒe,


Woxɔa zãnu le mewo, ne wòakɔ ʋu ɖi, eɖia kasa, eye nexɔa deme, ẽɖua sesẽnu le nɔviwò si, eye wò ŋku dzona le dzinye. Aƒetɔ Yehowa ye gblɔe.


Ale Yehowa Zebaot gblɔ esi: Miɖrɔ̃ ʋɔnu ɖe eteƒe, eye mia dome amesiame nelɔ̃ ehavi, eye wòakpɔ nublanui nɛ!


Nusiwo miawɔ la, wonye esi: Amesiame neto nyateƒe na ehavi, midrɔ̃ ʋɔnu ɖe eleƒe le ŋutifafa me le miaƒe ablɔwo me!


Eye miɖe ŋutsu ɖekaɖeka le to sia to me, amesiwo nye ta le wo fofowo ƒe aƒe nu la, kpe ɖe mia ɖokui ŋu.


Ke ne woku kpẽ ɖeka ko tatata la, ekema Israel ƒe ame akpeawo ƒe amegãwo naƒo ƒu ɖe gbɔwo.


gblɔ bena: ʋɔnudrɔ̃laa ɖe nɔ dua ɖe me, amesi mevɔ̃a Mawu o, eye mesia ame hã o.


Eye melɔ̃ o eteƒe didi; ke esiawo megbe la egblɔ le ye ŋutɔ ɖokui me bena: Esi nyemevɔ̃a Mawu o, eye nyemesia ame hã o la,


Nyemedi amea ɖeke ƒe klosalo alo sika alo awu o.


Eyata, nɔviwo, miyi ɖadi mia dome ŋutsu adre, amesiwo kpɔ ɖasediɖi nyui, eye woyɔ fũ kple Gbɔgbɔ kɔkɔe kple nunya la, amesiwo míaɖo ɖa sia nu.


Ekema dumegãwo nalé ŋutsu la aƒo.


menye ahatsunola o, menye ameƒola o, ke ame fatu; menye gedila o, menye galɔ̃la o,


eye amegã ewo, siwo nye amegãwo le Israel-viwo ƒe toawo katã me la, kpe ɖe eŋu; woawo enye amegã ɖekaɖekawo le wo fofowo ƒe aƒewo nu le Israel ƒe ame akpeawo dome.


Atsɔ wo ado amegãwo ɖe ame akpe kple ame blaatɔ̃ nu na eɖokui, woaŋlɔ agble nɛ, eye woaŋe nu nɛ, woatu aʋawɔnuwo ne, eye woawɔ tasiaɖam ŋu nuwo nɛ.


Ke viaŋutsuwo meto eƒe ʋe me o, eye wodi viɖe yome, woxɔ zãnu, eye wòtrɔ gbɔ ʋɔnudɔdrɔ̃.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa