Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Mose 17:8 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Esia megbe Amalekitɔwo va wɔ aʋa kple Israel le Refidim.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

8 Azɔ la, Amalekitɔwo ho aʋa ɖe Israelviwo ŋu le Refidim.

Onani mutuwo Koperani




2 Mose 17:8
13 Mawu Ofanana  

Emegbe wòtrɔ va En-Mispat, si enye Kades, eye wòsi Amalekitɔwo katã kple Amoritɔ, siwo nɔ Xazazon-Tamar la hã.


Eye Esau viŋutsu Elifas srɔ̃ evelia ŋkɔ enye Timna, eya dzi Amalek na Elifaz. Esiawo nye Esau srɔ̃ Ada ƒe viŋutsuwo.


amegã Korax, amegã Gaetan kple amegã Amalek. Amegã siawo dzɔ tso Elifaz me le Edom-nyigba dzi. Woawo nye Ada viwo.


Edom ƒe agbadɔwo kple Ismaeltɔwo, Moabtɔwo kple Hagaritɔwo,


Eye Israel-viwo ƒe ha blibo la ho tso Sin-gbedzi hele teƒeleƒewo tom, abe alesi Yehowa de se ene, eye woƒu asaɖa anyi ɖe Refidim. Ke tsia ɖeke meli be, dukɔ la nano o.


Amalekitɔwo le dziehe gome, Xititɔwo, Yebusitɔwo kple Amoritɔwo le towo dzi, eye Kanaanitɔwo le ƒu ŋu kple Yordan ƒe go ɖeka


Esi wòkpɔ Amalekitɔwo la, edo eƒe numegbe la gblɔ bena: Amalek enye gbãtɔ le dukɔwo dome; ke mlɔeba la ava tsrɔ̃ tsã!


Godoo ne Israel ƒã nu la, Midiantɔwo kple Amalekitɔwo kpakple ɣedzeƒeviwo hona ɖe wo ŋu,


Ewo kalẽ, eye wòsi Amalekitɔwo, eye wòɖe Israel tso amesiwo da adzo wo la si me.


Ate Yehowa Zebaot gblɔ esi: Meɖo ŋku nusi Amalek wo Israel la dzi, esi wode xa ɖe mo dzi nɛ, le esime woʋu tso Egipte.


Eye Dawid kple eƒe amewo yi ɖadze Gesuritɔwo, Girzitɔwo kple Amalekitɔwo dzi; elabena woawo na anyigba la dzi tso tititi yi ɖake de Sur kple Egipte-nyigba ŋu.


Esi Dawid kple eƒe amewo gbɔ va Ziklag le ŋkeke etɔ̃agbe la, kpɔ ɖa, Amalekitɔwo va dze dziehenyigba kple Ziklag dzi, eye wòsi Ziklag hetɔ dzoe.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa