Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Mose 17:11 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Eye ne Mose kɔ eƒe asi dzi la, ekema Israel ƒe alɔ ɖea dzi; ke ne eɖiɖi asi ɖe anyi la, ekema Amalek ƒe alɔ ɖea dzi.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

11 Ne Mose kɔ atikplɔ la ɖe dzi ko la, Israelviwo ɖua futɔwo dzi. Ke ne eɖiɖi abɔ be yeadzudzɔ sẽe ko la, Amalekitɔwo ɖua Israelviwo dzi.

Onani mutuwo Koperani




2 Mose 17:11
8 Mawu Ofanana  

Wòe míatsɔ aƒu míaƒe futɔwo anyii, eye wò ŋkɔ míatsɔ anyã avuzi le míaƒe ketɔwo dzii.


Wòe xlẽ nye sisiƒewo, eɖe nye aɖatsiwo wò goe me! Ɖe mèŋlɔ wo ɖe wò agbalẽ me oa?


Eye Yosua wɔ, abe alesi Mose gblɔ nɛ ene be, wòaɖawɔ aʋa kple Amalek. Ke Mose, Aron kple Xur woyi togbe la tame.


Ke esi alɔ ku ɖe Mose ŋu la, wotsɔ kpe ɖe ete wòbɔbɔ nɔ edzi. Eye Aron kple Xur lé eƒe asiwò ɖe dzi; ame ɖeka le axa ɖeka, eye ame evelia le axa bubu dzi Ale wole eƒe asiwò de te, vaseɖe esime ɣe ɖo to.


Eye wòdo lo na wo, le alesi wòle na wo be, woaɖo gbe ɖa ɖaa, eye ɖeɖi nagate wo ŋu o la ŋuti,


Eyata mele didim bena, ŋutsuwo nado gbe ɖa le afisiafi, eye woado asi kɔkɔewo ɖe dzi, dɔmedzoe kple ɖikekea ɖeke manɔmee.


Miʋu mia nuvɔ̃wo me na mia nɔewo, eye mido gbe ɖa ɖe mia nɔewo ta, bene miaƒe lãme nasẽ. Ame dzɔdzɔe ƒe kukuɖeɖe, si nu sẽna la, tea ŋu woa nu geɖe.


Ke Yosua magbugbɔ eƒe asi kple akplɔ, si wòdo ɖa la, ɖe megbe o, vaseɖe esime wotsrɔ̃ Aitɔwo vɔ keŋkeŋ;


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa