Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Mose 15:6 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Yehowa, wò nuɖusi netsɔ de bubu ɖokuiwò ŋu le ŋusẽ me, Yehowa, wò nuɖusi kaka futɔwo hlẽ.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

6 O, Yehowa, wò nuɖusibɔ wɔ kalẽ. O, Yehowa, wò nuɖusibɔ kaka futɔwo hlẽ.

Onani mutuwo Koperani




2 Mose 15:6
27 Mawu Ofanana  

Ɖe wò amenuveve fia nukutɔe, wò amesi nye xɔnametɔ na amesiwo sina le aglãdzelewo nu bena ɖe wò nuɖusi me la.


Àtsɔ gatikplɔ ato wo nyanyanya, eye agbã wo ahe zemela ƒe ze ene!


Amekae henye bubufia la ma? Yehowa ŋusẽtɔ kple kalẽtɔ lae, Yehowa aʋakalẽtɔ lae!


Etsɔ wò asi nyã dukɔwo, ke woawo la èƒo woƒe aganu ɖe to; ègblẽ anyigbadzitɔwo, ke èna woawo keke la.


Elabena menye woawo ŋutɔ ƒe yi wotsɔ xɔ anyigba lae o, eye menye woawo ŋutɔ ƒe alɔe xɔ na wo o; ke boŋ wò nuɖusi kple wò alɔ kpakple wò ŋku me ƒe kekelie, elabena woƒe nu nyo ŋuwò.


Ena nu sesẽ kpe wò dukɔ la, eye néna wein mí míeno mu.


Nukaŋuti nèhe wò asi kple wò nuɖusi de megbe? Doe ɖa tso wò akɔnu nagblẽ nu!


Ɖe Mawu ƒe ŋku dzo le edzi be, wòave ame nua? eye ɖe wòdo ʋɔ ɖe eƒe nublanuikpɔkpɔ nu le dziku mea? Sela.


Tɔwòe nye ãlɔ sesẽ, ŋusẽ le wò esi ŋu, eye wò nuɖusi ɖe dzi.


Hadzidzi. Midzi ha yeye na Yehowa, elabena ewɔ nukunuwo! Eƒe nuɖusi kple eƒe alɔ kɔkɔe la xɔ nɛ.


Yehowa, ameka de nuwo le mawuwo dome? Ameka de nuwo, kpɔ ŋusẽ, eye ŋutikɔkɔe le eŋu; amesi ŋu vɔvɔ̃ le, eye wòwɔ nu gãwo kple nukunuwo?


Edo wo nuɖusi ɖa, tete anyigba mi wo.


Vɔvɔ̃ kple ŋɔdzi lé wo, wò alɔ sesẽ na wodze ti zu abe kpe ene, vaseɖe esime wò dukɔ la to wo dome yi, Yehowa, vaseɖe esime wò dukɔ, si nèɖe la, to wo dome yi.


Eyome Mose xlẽ nusiwo katã Yehowa wɔ Farao kple Egiptetɔwo le Israel ta, kple fu, siwo katã dzɔ ɖe wo dzi le mɔ ta, kpakple alesi Yehowa ɖe wo la, na toa.


Mado nye asi da, eye matsɔ nye nukunuwo katã, siwo mawɔ le wo dome la, aɖee le mo na Egiptetɔwo: emegbe hafi woana miayi.


Yehowa gblɔ na Mose bena: Azɔ akpɔ nusi mele Farao wɔ ge. Alɔ sesẽ ana wòaɖe asi le wo ŋu, eye alɔ sesẽ ana wòanya wo atso eƒe anyigba dzi.


Eye woagbã wo, abe alesi zemela ƒe ze gbãna gudugudu, ale be sonu gaglɛa ɖeke menɔa gbagbã la me, si woatsɔ aɖe dzo le adokpo me, alo woatsɔ aɖu tsii le vudo me o la ene.


Nyɔ, Yehowa ƒe alɔ, nyɔ, eye nata ŋusẽ! Nyɔ abe le tsã ŋkekewo me ene, abe le blema ƒomeawo ŋɔli ene. Ɖe menye wòe fũ Raxab, eye nèƒo nu ɖe boso la oa?


Yehowa klo nu le eƒe alɔ kɔkɔe la ŋu le dukɔwo katã ŋku me, eye anyigba ƒe mlɔenuwo katã akpɔ mía Mawu ƒe xɔname.


Amesi na eƒe atsyɔ̃dabɔ to Mose ƒe nuɖusi dzi, eye wòmã tsi la me ɖe eve le wo ŋgɔ, be wòaɖe ŋkɔ mava eɖokui ŋu?


Yehowa be: Maxlã wo ɖe wo nɔewo, fofowo kple viwo siaa; nyemave wo nu o, nyemakpɔ wo ta o, eye nyemakpɔ nublanui agbe wo tsɔtsrɔ̃ o.


Eye megakplɔ mi yi ɖe tetekpɔ me o; ke ɖe mi tso vɔ̃ɖitɔ la si me! Elabena tɔwòe nye fiaɖuƒe kple ŋusẽ kple ŋutikɔkɔe yi ɖe mavɔmavɔ me. Amen.


eye wòakplɔ wo kple gatikplɔ, eye woagbã wo gudugudu abe zemela ƒe zewo ene, abe alesi nye hã mekpɔ ŋusẽ tso Fofonye gbɔ ene,


Yehowa atsrɔ̃ eƒe futɔwo, eye wòaɖe gbe ɖe wo dzi tso dziƒo; Yehowa adrɔ̃ ʋɔnu anyigba ƒe mlɔenuwo. Ana ŋusẽ eƒe fia, eye wòana eƒe amesiamina la ƒe dzo nado lɔƒuu!


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa