Eye wòna woƒe tasiaɖamfɔwo gli, ale be ŋgɔyiyi zu dɔ na wo. Tete Egiptetɔwo gblɔ bena: Mina miasi le Israel nu, elabena Yehowa le aʋa wɔm na wo ɖe Egiptetɔwo ŋuti.
Eye Mose gblɔ na Mawu bena: Ne meva Israel-viwo gbɔ, eve megblɔ na wo be: mia fofowo ƒe Mawu dɔm do de mia gbɔ, eve woabiam bena eŋkɔ ɖee hã la, aleke maɖo ŋu na wòe?