Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Mose 15:25 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

25 Ke eya do ɣli yɔ Yehowa, eye Yehowa fia aba ɖee, si wotsɔ ɖa ɖe tsi la me, tete wòtrɔ zu tsi nyui. Afima wòna se kple ɖoɖo wo le, eye afima wòɖo wo kpɔ le

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

25 Mose ɖe kuku na Yehowa be wòakpe ɖe yewo ŋu. Yehowa fia ati aɖee wòtsɔ da ɖe tsi la me, eye tsi veve la trɔ zu tsi nyui. Le Mara la, Yehowa de se siawo na wo be yeado woƒe ɖokuitsɔtsɔ na ye akpɔ.

Onani mutuwo Koperani




2 Mose 15:25
26 Mawu Ofanana  

Ɖo ŋku mɔ blibo la dzi, esi dzi Yehowa, wò Mawu, kplɔ wò toe le gbedzi ƒe blane sɔŋ, bena yeabɔbɔ wò ɖe anyi, ne yeado wò akpɔ, bena yeanya nusi le wò dzi me, be awɔ eƒe seawo dzi loo, alo mawo wo dzi o.


Oo, Mawu, elabena èdo mí kpɔ, eye nèlòlo mí, abe alesi wolóloa klosalo ene.


Esiawo nye dukɔ, siwo Yehowa kpɔtɔ ɖi be, wòatsɔ wo ado Israeltɔ, siwo katã mekpɔ Kanaan-ʋa teƒe o la akpɔ;


Wotsi anyi, ne wòatsɔ aɖo Israel akpɔ, be woaɖo to Yehowa ƒe se, siwo wòde na wo fofowo to Mose dzi loo?


ne matsɔ wo ado Israel akpɔ be, wòalé ŋku ɖe Yehowa ƒe mɔ ŋu, eye woazɔ edzi abe wo fofowo ene loo, alo womalé ŋku ɖe eŋu o.


amesi tso mana, si mia kple fofowòwo mienyã o la, nyro wò le gbeadzi, ne woabɔbɔ wò ɖe anyi, eye wòado wò akpɔ, be wòava wo nu nyui na wò emegbe la be o.


Tete Yehowa gblɔ na Mose bena: Kpɔ ɖa, mana abolo nadza atso dziƒo na mi, eye dukɔ la nado gbesiagbe aɖafɔe ɖe ŋkeke ɖeka ƒe ɖuɖu nu, bena mado wo akpɔ be, woazɔ de nye seawo nu loo, alo womazɔ ɖe enu o.


Tete wòdo yi tsi la dzɔ ƒe hetsɔ dze la kɔ de eme gblɔ bena: Ale Yehowa gblɔ esi: Meyɔ dɔ tsi sia, eye magahe ku kple fugege vɛ azɔ o.


Elabena atitsoga la ŋutinya enye bometsinya na amesiwo tsrɔ̃ la, ke mí amesiwo woxɔ la, Mawu ƒe ŋusẽ wònye na mí.


Aŋutrɔ wuame enye woƒe aɖe, eye wodaa alakpa; wotsoa woƒe aɖe gblɔa nya fafɛ na wo havi, ke aye le woƒe dzi me.


Sonu li de klosalo ŋu, eye kpo li ɖe sika ŋu; ke Yehowa doa dziwo kpɔna.


Ayɔm, eye matɔ nɛ, meli kplii le hiã me; maɖee le eme, eye mahaɖe bubu eŋu.


Yɔm le xaxagbe la, ekema maɖe wò, eye nade bubu ŋunye!


Tete wògblɔ be: Ekema miku wɔ vɛ. Eye wòtsɔe kɔ ɖe zea me gblɔ be: Mitrɔe ɖo ameawo kɔ me, ne woaɖu. Eye nu vɔ̃ɖia ɖeke meganɔ zea me o.


Esi Farao gogo wo, eye Israel-viwo fɔ ka dzi kpɔ Egiptetɔwo le wo megbe gbɔna la, wovɔ̃ ŋutɔ. Tete Israel-viwo do ɣli ya Yehowa,


Mose kple Aron le eƒe nunɔlawo dome eye Samuel le amesiwo yɔa eƒe ŋkɔ la dome. Woyɔ Yehowa, eye wòɖo to wo.


Meɖe agba ɖa le eƒe abɔta, eye eƒe asi ɖe ɖa le tsikpo ŋu.


eye dzesi alo nukunu, si wògblɔ la, va me, emegbe wògblɔ be, mina miadze mawu bubu, siwo mienyã o yome, eye miasubɔ wo la,


Tete Mose do ɣli yɔ Yehowa bena: Nuka mawɔ na dukɔ sia? Esusɔ vie ko woafɔ kpe aƒum!


Tete Yehowa gblɔ nam bena: Ne Mose kple Samuel wotsi tre ɖe ŋkunye me hã la, nye dzi matrɔ ɖe dukɔ sia ŋu o. Nyã wo ɖa le ŋkunye me, ne woadzo.


Mose gblɔ na dukɔ la bena: Migavɔ̃ o, elabena Mawu ɖe wòva mia do ge akpɔ, bena vɔvɔ̃ nanɔ eŋu le mia dome, ne miagawɔ nuvɔ̃ o.


Eye Mawu ƒe ame la gblɔ bena: Afika woge dze? Efia teƒe lae, eye wòlã ati tsɔ ƒu gbe ɖi, tete fía la ho ɖe dzi.


Eye esi metrɔ la, kpɔ ɖa, ati geɖewo mie ɖe tɔsisi la ƒe goawo kple eve dzi fũ.


Tete wògblɔ nam bena: Tsi sia si to ɣedzeƒe nutowo me, esi to tagba heɖade nu atsiaƒu, si nye Dzeƒu la me, eye eƒe tsi atrɔ zu tsi nyui.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa