Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Mose 15:10 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Eɖo ƒuƒu, tete ƒu la gbagba ɖe wo dzi, wodze to abe tsumi ene le tsi kpakawo nu.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

10 Ke wò la, ègbɔ wò gbɔgbɔ, eye ƒu la ŋe tsyɔ wo dzi. Wodze to abe asabukpe ene ɖe tsi gã la te.

Onani mutuwo Koperani




2 Mose 15:10
16 Mawu Ofanana  

Eye Mawu ɖo ŋku Noa kple gbemelã kple aƒemelã, siwo katã le egbɔ le aɖakaʋua me la dzi, eye Mawu na ya ƒo ɖe anyigba dzi, ale bena tsia de asi miemie me.


Eye aʋa la kaka tso afima ɖe anyigba blibo la dzi, eye amesiwo tsi ave si la sa gbɔ wu esiwo tsi yi nu gbemagbe.


Emã ƒu la me le wo ŋgɔ, eye woto ƒuƒuiƒe le ƒu la titina; ke èxlã wo yometilawo ɖe tɔ me, abe alesi kpe dzea tɔ sesẽwo me ene.


Eya, amesi nana alilikpo hona yia dzi tso anyigba ƒe mlɔenu, ewɔa dzikedzo, ne dzi le wuwum, eye wòkplɔa ya donɛ tso eƒe nudzraɖoƒe;


Eɖo eƒe nya ɖa, eye wòna wolólo, ena eƒe ya ƒo, eye tsia sina lalala.


Eye Mose ɖo eƒe asi ɖe ƒu la dzi. Tete Yehowa na ɣedzeƒeya nyama ƒu la zã blibo la katã, ale bena ƒu la mie keŋ, eye tsi la ma ɖe akpa eve me.


Ƒuɖɔɖɔ gbagba ɖe wo dzi, eye wodze to abe kpe ene.


Ameka lia yi dziƒo gaɖi va anyi? Ameka lɔ ya ɖe asiʋlo me? Ameka bla tsi ɖe avɔ me? Ameka ɖo anyigba ƒe mlɔenuwo katã tsitrenu? Eŋkɔ ɖe, eye aleke woyɔna na via? Enyaea?


Yehowa ana Egipte-ƒu la ƒe ado namie, eye anyẽ eƒe asi ɖe tɔsisi la dzi le eƒe ya sesẽ me, eye wòamãe ɖe tonu adre me, ale be woano atokota me atsoe.


Eƒe gbeɖeɖe nana tsiwo ɖina hoo le dziƒo, eye wònana alũ hona yia dzi le anyigba ƒe mlɔenu: ewɔa dzikedzo kpena ɖe tsidzadza ŋu, eye wòɖea ya donae tsoa eƒe nudzraɖoƒe.


Miyɔ Egipte-fia Farao be „hohohodola, si ɖea ŋu ɖi le ɣeyiɣi nyuitɔ ŋu.“


Elabena eya amesi mè towo, eye wòwɔ ya, etoa amegbetɔ ƒe tamesusuwo nɛ, enana agudzedze zua viviti, eye wòzɔa anyigba ƒe kɔkɔƒewo la ŋkɔ enye Yehowa, Mawu Zebaot!


Eye ameawo ƒe mo wɔ yaa, eye wogblɔ bena: Ameka ƒomevi enye sia be, yawo kple ƒu hã ɖoa toe?


midze si nusi wowɔ Egipte-ʋakɔwo, woƒe sɔwo kple tasiaɖamwo, esi wòna Avaƒu la ŋe ɖe wo dzi, esime woti mia yome, eye Yehowa tsrɔ̃ wo va do egbee;


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa