Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Mose 14:7 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Eye wolia tasiaɖam alafa ade kpe ɖe Egiptetɔwo ƒe tasiaɖam bubuawo ŋu, esi wo katã me aʋa wolã veviwo le.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

7 Etia tasiaɖam nyuitɔ alafa ade kpe ɖe tasiaɖam bubu siwo katã nɔ Egipte la ŋu, eye wòtsɔ asrafomegãwo ɖo ɖe sia ɖe nu.

Onani mutuwo Koperani




2 Mose 14:7
11 Mawu Ofanana  

Eye tasiaɖamwo kple sɔɖolawo kplɔe yii ale bena, wonye ameha gãa ɖe.


Azɔ menyae be, Yehowa xɔna na eƒe amesiamina la, eye wòtsɔa eƒe nuɖusi ƒe nutsuwɔwɔ, siwo xɔna na ame la, tɔna nɛ tso eƒe dziƒo kɔkɔe la.


Mi to tame tsutsuẽwo, nukaŋuti miele to, si Mawu di be, yeatsɔ awɔ ye nɔƒee la, kpɔm ɖe ƒomevii? E, Yehowa anɔ afima tegbee!


Eye Egiptetɔwo ti wo yome, eye Farao ƒe sɔwo, eƒe tasiaɖamwo kple eƒe sɔdolawo katã kplɔ wo ɖo va ƒu la titina.


Tete wòna wodzra eƒe tasiaɖamwo ɖo, eye wòkplɔ eƒe aʋakɔwo ɖe asi.


Eye Yehowa na Egipte-fia Farao ƒe dzime sẽ, ale bena wòti Israel-viwo yome; ke asi sesẽ kplɔ Israel-viwo dzoe.


Ede Farao ƒe tasiaɖam kple eƒe aʋakɔ la ƒu, eye eƒe aʋawɔla veviwo nyrã ɖe Avaƒu la me.


Eɖe alɔme le Aƒetɔ la ŋu to wò dɔlawo dzi gblɔ bena. Metsɔ nye tasiaɖam geɖeawo va towo ta me, vaseɖe Libanon ƒe tsutsuẽƒe ke, eye melã eƒe sederti kɔkɔwo kple eƒe sesewu nyuitɔwo, eye mede eƒe kɔkɔƒe kekeake kple eƒe abɔ me ti dodowo gbɔ.


Eye Yehowa tsɔ yi de zi Sisera kple eƒe tasiaɖamwo katã kple eƒe aʋakɔ blibo la me le Barak ŋgɔ, eye Sisera ɖi le eƒe tasiaɖam me heto afɔ si.


Eye Israel-viwo ɖo ɣli na Yehowa, elabena gatasiaɖam alafa asieke le esi, eye wòle Israel-viwo ɖe anyi sesẽtɔe ƒe blave sɔŋ.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa