Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Mose 14:5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Esi wogblɔ na Egipte-fia bena, dukɔa si la, Farao kple eŋu mewo ƒe dzi trɔ ɖe dukɔ la ŋuti; elabena wogblɔ bena: Nukaŋuti míewɔ alea, eye míeɖe asi le Israel-viwo ŋuti, be womagasubɔ mí o?

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

5 Esi Egipte fia se be Israelviwo meɖo ta me be yewoagbugbɔ va Egipte le ŋkeke etɔ̃ megbe o, ke boŋ yewoayi mɔzɔzɔ dzi la, Farao kple eŋumewo ƒe mo nyra, eye dzi gaɖo wo ƒo. Wobia be, “Nu kae nye esi míewɔ be míeɖe asi le Israelviwo ŋu wodzo eye míebu woƒe subɔsubɔdɔ nyuitɔwo?”

Onani mutuwo Koperani




2 Mose 14:5
9 Mawu Ofanana  

Le ŋkeke etɔ̃ megbe la wova gblɔ na Laban bena, Yakob si.


Etrɔ woƒe dzi, be woalé fu yeƒe dukɔ, eye woado aye ɖe yeƒe dɔlawo ŋu.


Eye Egiptetɔwo ƒo ɖu ɖe dukɔ la nu, be woadzo le anyigba la dzi kaba, elabena wogblɔ be: Mí katã miele kuku ge!


Eye mana Farao ƒe dzime nasẽ, ale be wòati wo yome, eye maɖe nye ŋusẽ afia ɖe Farao kple eƒe aʋakɔ blibo la ŋuti; bena Egiptetɔwo nadze su be, nyee nye Yehowa. Eye wowɔ nenema.


Tete wòna wodzra eƒe tasiaɖamwo ɖo, eye wòkplɔ eƒe aʋakɔwo ɖe asi.


Futɔ la gblɔ be: Mati wo yome, matu wo; mamã aboyonuwo me, hafi nye dzi nagbɔ ɖe me; maɖi nye yi, eye nye asi atsrɔ̃ wo!


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa