Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Mose 14:16 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

16 Ke wò la tsɔ wò atikplɔ, eye nadoe ɖe ƒu la dzi, bena wòamã ɖe eve, eye Israel-viwo nazɔ ƒuƒuiƒe ato ƒu la me.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

16 Do wò atikplɔ la ɖe dzi, eye nàdo wò asi ɖe atsiaƒu la dzi be atsiaƒutsi la nama ɖe eve, ale be Israelviwo nato atsiaƒu la me ayi le anyigba ƒuƒui dzi.

Onani mutuwo Koperani




2 Mose 14:16
16 Mawu Ofanana  

Tete wògblɔ na Gexazi bena: Bla wò ali dzi, eye natsɔ nye atikplɔ ɖe asi ayi. Ne èdo go amea ɖe la, megado gbe nɛ o, eye ne amea ɖe do gbe na wò la, megalɔ̃ nɛ o, eye natsɔ nye atikplɔ la ada ɖe ŋutsuvi la ƒe mo.


Eye Yehowa gblɔ na Mose bena: Nukaŋuti nèle ɣli dom le yɔyem? Gblɔ na Israel-viwo bena, woaho adzo.


Ke Yehowa gblɔ na Mose bena: Do wò asi ɖe ƒu la dzi, bena tsi la nagbugbɔ aŋe ɖe Egiptetɔwo, woƒe tasiaɖamwo kple woƒe sɔdolawo dzi.


Yehowa gblɔ na Mose bena: Dze dukɔ la ŋgɔ, eye naɖe ame tsitsia ɖewo le Israel dome akpe ɖe ɖokuiwò ŋu, eye natsɔ atikplɔ, si netsɔ ƒo Nil dzi la, ɖe asi yii.


Kpɔ ɖa, matsi tre ɖe ŋkuwò me ɖe Horeb-kpe la dzi, eye naƒo kpe la, ekema tsi ado atso me, be dukɔ la nano. Eye Mose wɔ nenema le Israel-me tsitsiawo ƒe ŋku me.


Eye natsɔ atizɔti sia ɖe asi, eya natsɔ awɔ dzesiawoe!


Yehowa gblɔ nɛ bena: Nukae ma le asiwò? Eɖo ŋu bena: Atizɔtie.


Tete Mose tsɔ srɔ̃a kple viawo ɖo tedzi dzi, eye wòdze mɔ heyi Egipte-nyigba dzi; eye Mose tso Mawu ƒe atikplɔ la ɖe asi.


Tete Yehowa gblɔ na Mose bena: Gblɔ na Aron bena: Tsɔ wò atikplɔ, eye nado wò asi ɖe Egiptetɔwo ƒe tsiwo dzi, ɖe woƒe tɔsisiwo, tɔʋuwo, tawo kple tsiteƒewo katã dzi, bena woatrɔ zu ʋu, eye ʋu nanɔ Egipte-nyigba blibo la katã dzi le goewo kple zewo me.


Ne Farao abia nukunua ɖe tso mia si la, ekema gblɔ na Aron bena: Tsɔ wò atikplɔ da ɖe Farao ƒe ŋku me! eye wòatrɔ zu da gãa ɖe.


Yehowa Zebaot aɖe atam ɖe wo dzi, abe alesi wòƒo Midian le Oreb-kpe la gbɔ ene, eye eƒe atìkplɔ anɔ atsiaƒu dzi, abe alesi wòdoe ɖe dzi ɖe Egipte ŋu ene.


Yehowa, tɔsisiwo ŋue dzi le kuwòm ɖoa, tɔsisiwo ŋue nèle dɔmedzoe dom ɖo loo, alo atsiaƒu ŋue dzi le kuwòm ɖo, be nèdo wò sɔwo, eye neɖo wò tasiaɖamwoa?


Eye Mose ko eƒe asi dzi tsɔ eƒe atikplɔ ƒo agakpe la zi eve, tete tsi do bababa, eye ha la kple woƒe lãwo no.


Eye Yehowa gblɔ na Yosua bena: Do akplɔ, si le asiwò la, ɖe Ai dzi, elabena matsɔe ade asi na wò! Tete Yosua do akplɔ, si le esi la, ɖe du la dzi.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa