Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Mose 14:10 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Esi Farao gogo wo, eye Israel-viwo fɔ ka dzi kpɔ Egiptetɔwo le wo megbe gbɔna la, wovɔ̃ ŋutɔ. Tete Israel-viwo do ɣli ya Yehowa,

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

10 Esi Egiptetɔwo ƒe aʋakɔ gbɔna la, Israelviwo kpɔ wo ɖaa le adzɔge ke, eye vɔvɔ̃ ɖo wo ŋutɔ. Wodo ɣli na Yehowa be wòakpe ɖe yewo ŋu.

Onani mutuwo Koperani




2 Mose 14:10
23 Mawu Ofanana  

Esi tasiaɖam-amegãwo kpo Yosafat la, woɖe to ɖee, be woakpe kplii, elabena wobu be, eya nye Israel-fia la. Tete Yosafat de asi aƒadodo me; eye Yehowa xɔ nɛ, eye Mawu ble wo dzoe le eŋu.


Ekpɔ mía fofowoƒe hiã le Egipte, eye nèse woƒe ɣli le Avaƒu la nu.


Ekpɔ woƒe hiã la ɖa, eye wòse woƒe ɣli.


Tete woɖo ɣli na Yehowa le woƒe hiã me, eye wòɖe wo tso woƒe xaxa me.


Tete wodo ɣli na Yehowa le woƒe hiã me, eye wòɖe wo tso woƒe xaxa me.


Tete wodo ɣli na Yehowa le woƒe hiã me, eye wòɖe wo tso woƒe xaxawo me.


Tete wodo ɣli na Yehowa le woƒe hiã me; eɖe wo tso woƒe xaxa me


Yehowa klẽ ŋku ɖe amesiwo le vɔ̃ wɔm la, ne yeatsrɔ̃ woƒe ŋkɔ ɖa le anyigba dzi.


Ɖe nu vlo wɔlawo, amesiwo le nye dukɔ ɖum, abe alesi woɖua aboloe ene, eye womeyɔa Mawu o la, medze si esia oa?


Meɖe agba ɖa le eƒe abɔta, eye eƒe asi ɖe ɖa le tsikpo ŋu.


Esi Farao ɖe asi le dukɔa ŋu la, Mawu mekplɔ wo to Filistitɔwo ƒe anyigba dzi mɔ o, wònye eya tsɔ kpuie hafi. Elabena Mawu gblɔ be: Ne dukɔ la do go aʋli la, ave wo, eye woagbugbɔ ayi Egipte.


Ke eya do ɣli yɔ Yehowa, eye Yehowa fia aba ɖee, si wotsɔ ɖa ɖe tsi la me, tete wòtrɔ zu tsi nyui. Afima wòna se kple ɖoɖo wo le, eye afima wòɖo wo kpɔ le


Yehowa, wodi wò le hiã me, eye esi wò tohename va wo dzi la, wotrɔ woƒe dzi me nya wo ƒo ɖe anyi.


Eye wova gblɔ na Dawid ƒe aƒe la bena: Aram ƒu asaɖa anyi ɖe Efrayim. Tete eya kple eƒe dukɔ ƒe dzi ʋuʋu nyanyanya, abe alesi avemetiwo ʋuʋuna le ya nu ene.


Wò amesi tso aƒe ɖe Libanon dzi, eye nèwɔ ato ɖe sedertiwo me, ne vevesese ƒo ɖe dziwo, eye nèlé ku abe nyɔnu, si le vi dzim ene la, aleke màhaɖe hũi o!


Ɖo ŋku edzi, eye megaŋlɔ alesi nèɖo dɔmedzoe na Yehowa, wò Mawu, le gbedzi la be o! Miesẽ to ɖe Yehowa ŋu, tso gbesigbe ke mieʋu tso Egipte, vaseɖe esime mieva teƒe sia.


Eye esi mekplɔ mia fofowo tso Egipte, eye mieva ƒua nu la, Egiptetɔwo tsɔ tasiaɖamwo kple sɔwo ti mia fofowo yome va Avaƒu la nu.


Eye wodo ɣli yɔ Yehowa, tete wòde viviti mia kple Egiptetɔwo dome, eye wòna ƒu la ŋe gbagba ɖe wo dzi. Miekpɔ nusiwo mewo Egiptetɔwo la kple ŋku, eye mietsi gbedzi eteƒe didi.


Vɔvɔ̃a ɖeke mele lɔlɔ̃ me o, ke boŋ lɔlɔ̃ blibo nyãa vɔvɔ̃ doa goe: elabena fetu vɔ̃ le vɔvɔ̃ me: ke amesi le vɔvɔ̃m la, mezua blibo le lɔlɔ̃ me o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa