Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Mose 13:21 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

21 Le ŋkeke me la Yehowa zɔa wo ŋgɔ le alilikpo dodoa ɖe me, bena wòafia mɔ wo; eye le zã me la eklẽna na wo le dzobibia ɖe me, bena woate ŋu azɔ zã kple keli.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

21 Yehowa kplɔa wo kple lilikpo dodo aɖe le ŋkeke me. Le zã me la, ekplɔa wo kple dzo bibi aɖe. Ale wotea ŋu zɔa mɔ le ŋkeke me kple zã me siaa.

Onani mutuwo Koperani




2 Mose 13:21
21 Mawu Ofanana  

Ekplɔ wo le ŋkeke me kple alilikpo dodo, eye le zã me kple dzo babla, ne nana mɔ, si woto la dzi nakɔ na wo.


mègblẽ wo ɖe gbea dzi o le wò nublanuikpɔkpɔ ga la la; alilikpo dodo la medzo le wo gbɔ le ŋkeke me o, be wòakplɔ wo ato mɔ dzii, eye dzo babla la megbe keklẽ na wo le zã me le mɔ, si woto la dzi o.


Ekeke alilikpo tsyɔ wo dzi, eye wòna dzo na zã me kɔ.


Mawu, amesi kplɔa ame tsigbewo va aƒee, eye wòkplɔa gatɔwo yia dzɔgbenyuie mee; ke tosẽlawo atsi kuɖinyigba dzi.


Wò mɔ le atsiaƒuwo me, wò toƒe le tɔ geɖewo me eye womedze si wò afɔʋeewo o.


Ŋkeke me la etsɔ alilikpo kplɔ woe, eye le zã blibo la me la etsɔ dzo keklẽ.


Enɔ alilikpo dodo me ƒo nu kpli wo, wolé eƒe sewo me ɖe asi, eye wòde ɖoɖo asi na wo.


Eɖo ŋu na wo bena: Yehowa naɖi na mi! Maɖe asi le mia kple mia viwo siaa ŋua? Nyateƒee, mieɖo vɔ̃ ɖe tame.


Esi Aron ƒo nu kple Israel-viwo ƒe ha bliboa la, wòtrɔ ŋgɔ dze gbedzi lɔƒo, eye kpɔ ɖa, Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe ɖe eɖokui fia le alilikpoa ɖe me.


Esi dukɔ la kpɔ bena: Mose mele gbɔgbɔm tso toa dzi o la, dukɔ la ƒo ƒu ɖe Aron ŋu, eye wogblɔ nɛ bena: Netsɔ, wɔ mawu na mí, si azɔ mía ŋgɔ; elabena Mose, ŋutsu ma, si kplɔ mí tso Egipte-nyigba dzi la, mienyã nusi gɔ̃ wɔe o.


Amekae nye ekem tso gbe me gbɔna abe dzudzɔ babla ene, eye atike ʋeʋẽe, dzudzɔ ʋeʋée donu kple nudzralawo ƒe atike vovovowo le ya ɖem le eŋu?


Ne woho la, Yehowa ƒe alilikpo la nɔa wo ŋgɔ.


Eye amesiwo see la, agblɔe na anyigba sia dzitɔwo bena: Wo Yehowa ŋutɔ ena dukɔ sia dome, èɖe ɖokuiwò ba wo wokpɔ kɔte, eye wò alilikpo nɔ wo dzi; wò Yehowa ŋutɔ ezɔ wo ŋgɔ le alilikpo dodoa ɖe me le ŋkeke me, eye nezɔ wo ŋgɔ le dzobibi me le zã me.


amesi zɔ mia ŋgɔ le mo dzi, be yeafia afisi miaƒu asaɖa anyi ɖo la mi, amesi zɔ dzo me le zã me, be yeafia mɔ, si miato la mi, eye wòzɔ alilikpo me le ŋkeke me.


Yehowa ŋutɔ adze ŋgɔ-wò, eye wòanɔ anyi kpli wò, maɖe asi le ŋuwò o, eye magblẽ wò ɖi o; megavɔ̃ o, eye ŋɔ megadzi wò o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa