Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Mose 13:16 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

16 Eye wòanye dzesi anɔ wò asi ŋu kple ŋgoblanu anɔ wò ŋgonu, elabena alɔ sesẽ Yehowa tsɔ kplɔ mi tso Egipte.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

16 Megale egblɔm na mi be ele be ŋkekenyui sia ɖuɖu nade dzesi mi abe Yehowa ƒe amewo ene, abe ɖe wòtsɔ eƒe nutɔnyenye ƒe dzesi ɖo ŋgonu na mi ene. Enye ŋkuɖodzi be Yehowa tsɔ ŋusẽ gã aɖe ɖe mi tso Egiptenyigba dzi.”

Onani mutuwo Koperani




2 Mose 13:16
18 Mawu Ofanana  

Wò ŋutɔ wò dɔlawo wonye kple wò dukɔ, si nède kple wò ŋusẽ ga kpakple wò alɔ sesẽ.


eye wòkplɔ Israel tso wo domee, elabena eƒe amenuveve li tegbee;


Eye ʋu, si anɔ xɔ, siwo me miele la ŋu la, ade dzesi mi; elabena ne mekpɔ ʋua la, mato mia ŋuti, eye tuwɔamea ɖeke magblẽ mi, ne meyina Egiptetɔwo wu ge o.


Eye le ƒe alafa ene blaetɔ̃ megbe, le ŋkeke ma dzi tututu Yehowa ƒe amehawo katã ʋu tso Egipte-nyigba la dzi.


Eye ne viwòŋutsu ava bia wò bena: esia gɔme ɖe mahã la, ekema gblɔ ne bena: Asi sesẽ Yehowa tsɔ kplɔ mí tso Egipte, afisi míenye kluviwo le.


Eye wòanye dzesi na wò anɔ wò asi ŋu kple ŋkuɖodzinu anɔ wò ŋgonu, bena Yehowa ƒe se la nanɔ wò nu me, elabena asi sesẽ Yehowa tsɔ kplɔ wò tso Egipte.


Yehowa gblɔ na Mose bena: Azɔ akpɔ nusi mele Farao wɔ ge. Alɔ sesẽ ana wòaɖe asi le wo ŋu, eye alɔ sesẽ ana wòanya wo atso eƒe anyigba dzi.


Eyata gblɔ na Israel-viwo bena: Nyee nye Yehowa! Makplɔ mí le dɔ sesẽ, si wɔm miele na Egiptetɔwo la nu, eye mana miavo atso miaƒe kluvidɔ la me, eye mado nye alɔ ɖa atsɔ ŋusẽ gã aɖe mi.


Blae ɖe wò dzi ŋu dam eye naxatsae ɖewò kɔ ŋu.


Azɔ Aƒetɔ, mía Mawu, wò amesi tsɔ alɔ sesẽ kplɔ wò dukɔ tso Egipte-nyigba dzi, eye nède ŋkɔ ɖokuiwò ŋu, abe alesi wòle egbe siawo ene, míewɔ nuvɔ̃, eye míewɔ nu tovo.


Eye wowɔa woƒe nuwo katã, bena amewo nakpɔ wo; elabena wowɔa woƒe ŋkuɖodzinuwo wokekena, eye wowɔa woƒe awutogbowo wololona;


Israel-dukɔ sia ƒe Mawu la ba mia fofowo, eye wòdo dukɔ sia ɖe dzi, esi wònye amedzro le Egipte-nyigba dzi, eye wotsɔ abɔ sesẽ kplɔ wo tso afima.


Eyata mina nye nya siawo nage ɖe miaƒe dzi kple miaƒe luʋɔ me, mibla wo ɖe asi ŋu abe dzesi ene, eye mibla woɖe ŋgonu le ŋudome.


eye Yehowa tsa asi sesẽ kple abɔ, si wodo de dzi, nu dzɔtsuwo, dzesiwo kple nukunuwo kplɔ mi tso Egipte,


Ɖo ŋku edzi be, ènye kluvi le Egipte-nyigba dzi kpɔ, eye Yehowa, wò Mawu, tso asi sesẽ kple abɔ, si wodo ɖe dzi, kplɔ wò tso afima; eyata Yehowa, wò Mawu, de se na wò be, nadzra dzudzɔgbe la ɖo.


ekema gblɔ na viwò bena: Míenye kluviwo na Farao le Egipte kpɔ, eye Yehowa tsɔ asi sesẽ kplɔ mi tso Egipte,


Wogblẽ Yehowa, wo fofowo ƒe Mawu la ɖi, evɔ wònye eyae kplɔ wo tso Egipte-nyigba dzi hafi, eye wodze dukɔ, siwo ƒo xlã wo godoo la ƒe mawuwoyome, eye wode ta agu na wo hetsɔ do dɔmedzoe na Yehowa.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa