Eyata wodɔa ŋu na Yehowa le zã ma me, elabena ekplɔ wo tso Egipte-nyigba dzi. Esia enye zã, si me Israel-viwo kple woƒe dzidzimeviwo katã anɔ ŋu dom na Yehowa le.
Ne Yehowa akplɔ wò ava Kanaanitɔwo, Xititɔwo, Amoritɔwo, Xiwitɔwo kple Yebusitɔwo ƒe anyigba, si ŋu wòka atam ɖo na fofowòwo be, yeatsɔe na wò, anyigba, si dzi notsi kple anyitsi bɔ ɖo la dzi la, ekema naɖo ŋku subɔsubɔ sia dzi.
Ɖo ŋku abolo maʋamaʋã ŋkeke la dzi; ŋkeke adre sɔŋ naɖu abolo maʋamaʋã le nuŋeɣleti ƒe ŋkeke, si woɖo la dzi, abe alesi mede se na wò ene; elabena eya dzi nèʋu tso Egipte. Ke womava ŋkunye me asi gbolo o.