Ke Yehowa ɖi be, yeatsɔ dɔléle agbãe gudugudu; ne etso eɖokui wo fɔɖivɔsae la, akpɔ dzidzimeviwo, anɔ agbe didie, eye Yehowa ƒe tameɖoɖo adze edzi to eƒe asi dzi.
Mina dzudzɔ nade dzi ɖe abolo ʋaʋã ŋu, ne wòanye akpedavɔsa; miɖe gbe ƒã be, woana nu faa, midee sesĩe, elabena alea vivia mi Israel-viwo nu, Aƒetɔ Yehowa ye gblɔe!