Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Mose 12:6 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Eye miadzrae ɖo vaseɖe ɣleti sia ƒe ŋkeke wuienelia dzi, eye Israel-viwo ƒe ha blibo la nawui le fiẽ me.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

6 Miakpɔ wo dzi va se ɖe ɣleti sia ƒe ŋkeke wuienelia dzi, esi Israelviwo katã awu woƒe lãwo le fiẽ me,

Onani mutuwo Koperani




2 Mose 12:6
34 Mawu Ofanana  

Yosiya ɖu ŋutitotoŋkekenyuie la na Yehowa le Yerusalem, eye wowu ŋutitotoŋkekenyuie ƒe lã le dzinu gbãtɔ ƒe ŋkeke wuienelia dzi.


Eye aboyomeawo ɖu ŋutitotoŋkekenyuie la le dzinu gbãtɔ ƒe ŋkeke wuienelia dzi.


Ŋkeke sia nanye ŋkuɖodzigbe na mi, eye mianɔ eɖum na Yehowa, wòanye ɖoɖo na miaƒe dzidzimeviwo, be miaɖui tegbee.


Miɖo ŋku abolo maʋamaʋã la dzi, elabena gbemagbe mekplɔ miaƒe amehawo tso Egipte-nyigba dzi. Eyata mido ŋku ŋkeke sia dzi, be wòanye ɖoɖo na miaƒe dzidzimeviwo tegbee!


Le ɣleti gbãtɔ me, tso ɣleti la ƒe ŋkeke wuienelia ƒe fiẽ miadze abolo maʋamaʋã ɖuɖu gɔme vaseɖe ɣleti la ƒe ŋkeke blave vɔ ɖekɛlia ƒe fiẽ.


Eye Israel ha blibo la nawɔ alea.


Emegbe woho tso Elim, eye Israel-viwo ƒe ha blibo la va Sin-gbedzi, le Elim kple Sinai dome, le woƒe ʋuʋu tso Egipte-nyigba dzi ɣleti evelia ƒe ŋkeke wuiatɔ̃lia dzi.


Mese Israel-viwo ƒe liʋĩliʋĩlilĩ la. Gblɔ na wo be: Fiẽ la miaɖu lã, eye ŋdi la miaɖu abolo aɖi ƒo, bena miadze sii be, nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu la.


Esi Israel-viwo ʋu tso Egipte-nyigba dzi la ɣleti etɔ̃ megbe, le ŋkeke ma dzi tututu, wova Sinai-gbedzi.


Me alẽvi ɖeka le ŋdi, eye alẽvi evelia le fiẽ.


Mè alẽvi evelia le fiẽ me: eye nawɔ nuɖuvɔsa kple nunovɔsa, siwo kpe ɖe eŋu la, abe ŋdi tɔ ene: esia enye dzo, si aʋẽ lilili ɖe Yehowa.


Mí katã míetra mɔ abe alẽwo ene, eye amesiame lé eƒe mɔ tsɔ; ke Yehowa na míaƒe vodadawo katã va eyama dzi.


Le dzinu gbãtɔ ƒe ŋkeke wuienelia dzi la miaɖu ŋutitoto-ŋkekenyuie; miaɖui ŋkeke adre sɔŋ, eye woaɖu abolo maʋãmaʋã.


Ɣleti gbãtɔ ƒe ŋkeke wuienelia ƒe fiẽ enye ŋutitotoŋkekenyuie na Yehowa,


Ɣleti gbãtɔ ƒe ŋkeke wuienelia enye ŋutitotoŋkekenyuie na Yehowa.


Ŋkeke gbãtɔ enye takpegbe kɔkɔe, eye wòmã wɔ asinudɔa ɖeke o.


Woawo naɖui le ɣleti evelia ƒe ŋkeke wuienelia dzi le fiẽ, eye woatsɔ abolo maʋamaʋã ado ama veve.


Ke nunɔlagãwo kple amegãwo ƒoe ɖe amehawo nu bena, woabia Baraba, eye woawu Yesu.


Eye dukɔ blibo la katã xɔ dzi bena: Eƒe ʋu neva mía kple mía viwo dzi!


Eye enumake le ŋdikanya, esi nunɔlagãwo kple dumegãwo kple agbalẽfialawo kpakple ʋɔnudrɔ̃lawo katã de adaŋu la, wòbia Yesu, eye wokplɔe yi ɖade asi na Pilato.


Ke nunɔlagãwo ƒoe ɖe ameha la nu bena, wòaɖe asi le Baraba boŋ ŋuti na wo.


Eye le gaƒoƒo etɔ̃lia dzi woklãe ɖe ati ŋuti.


Eye ameha la yi dzi de asi biabia me bena, newɔ na yewo, abe alesi wònɔa wɔwɔm tsã la ene.


Eye woƒe ha blibo la katã tsi tre, eye wokplɔe yi Pilato gbɔ.


Ke wo katã do ɣli hoo gblɔ bena: Ɖe esia ɖa, eye naɖe asi le Baraba ŋuti na mí,


amesi wotsɔ de asi le Mawu ƒe aɖaŋuɖoɖoɖi kple nyanyaɖi la nu, esi mieto nu madzɔmadzɔ wɔlawo ƒe asi dzi klãe ɖe ati ŋuti, eye miewui.


Ke miawo la miegbe nu le kɔkɔetɔ kple dzɔdzɔetɔ la gbɔ, eye mieɖe kuku be, woatsɔ amewula ana mi,


Elabena vavã woƒo ƒu le ɖu sia me ɖe wò dɔla kɔkɔe Yesu, amesi nèsi ami na la ŋuti, Herodes kple Pontio Pilato kpe ɖe trɔ̃subɔlawo kple Israel-dukɔwo ŋuti,


Esi Israel-viwo ƒu asaɖa anyi ɖe Gilgal la, woɖu ŋutitotoŋkekenyuie la le ɣleti la ƒe ŋkeke wuienelia dzi le fiẽ le Yerixo-tagba,


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa