Ne amea de megblẽ kɔ ɖo o, eye meyi nugbe hã o, gake wògbe ŋutitotoŋkekenyuie la ɖuɖu la, ekema woatsrɔ̃ ame la ɖa le eƒe dukɔ me viwo dome, elabena mesa vɔ na Yehowa ɖe ɣeyiɣi la dzi o; ame la ŋutɔ ƒe nuvɔ̃ le edzi.
Migblɔ na Israel-viwo ƒe ha blibo la katã bena: Le ɣleti sia ƒe ŋkeke ewolia dzi la ŋutsu sia ŋutsu nalé alẽvi ɖeka; aƒe sia aƒe, si me aƒehánua le la, nalé alẽvi ɖeka.
Ne amedzro, si le mia dome be, yeaɖu ŋutitotoŋkekenyuie na Yehowa la, ekema wòaɖui ɖe ɖoɖo kple se, siwo le ŋutitotoŋkekenyuiea ŋu la nu. Ɖoɖo ɖeka nanɔ eŋu na amedzrovi kple duamevi siaa.