Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Mose 12:43 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

43 Eye Yehowa gblɔ na Mose kple Aron bena: Esia enye ŋutitotoŋkekenyuie la ŋu ɖoɖowo: Amedzroa ɖeke mekpɔ mɔ aɖui o.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

43 Yehowa gblɔ na Mose kple Aron be, “Esiawoe nye se siwo le Ŋutitotoŋkekenyui la ɖuɖu ŋuti. “Amedzro aɖeke maɖu alẽvi la ƒe lã o,

Onani mutuwo Koperani




2 Mose 12:43
9 Mawu Ofanana  

Elabena dukɔ la ƒe akpa gãtɔ, siwo ƒe geɖeawo tso Efrayim, Manase, Isaxar kple Zebulon la, mekɔ wo ɖokui ŋu o, eye womeɖu ŋutitotoŋkekenyuie ƒe lã la, abe alesi woŋlɔe ɖi ene o; gake Xizkiya do gbe ɖa ɖe wo ta gblɔ bena: Yehowa, dɔmenyotɔ, atsɔe ake,


Ale mianɔ hafi aɖui enye si. Mibla miaƒe aliwo dzi, eye mido atokotawo de afɔ; milé atizɔtiwo ɖe asi, eye miɖui abe sisilawo ene, elabena Yehowa ƒe ŋutilotoŋkekenyuie ve.


Ke ne amedzroa ɖe le gbɔwò, le didim be, yeaɖu ŋutitotoŋkekenyuie na Yehowa la, ekema wo dome ŋutsu sia ŋutsu natso aʋa, hafi woate va aɖui, eye woabui abe dumevi ene; ke bolobolotɔa ɖeke mekpɔ mɔ aɖui o.


elabena miekplɔ amedzro, siwo nye bolotɔwo, eye wometso dziʋa hã na wo o la vɛ, be woanɔ nye kɔkɔeƒe la, eye woagblẽ kɔ ɖo na nye aƒe la; eye mietu nye nubabla la hekpe ɖe miaƒe ŋunyɔnuwo katã ŋu, le esime mietsɔ nye nuɖuɖu, ami kple ʋu sa vɔe,


Amedzroa ɖeke mekpɔ mɔ aɖu nu kɔkɔe la o, eye amedzro, si le agbatedɔ wɔm na nunɔla la, mekpɔ mɔ aɖu nu kɔkɔe la o.


Ke ne nunɔla ƒe vinyɔnu zu ahosi, alo wogbee, eye vi mele esi o, eye wòtrɔ va le fofoa ƒe me, abe alesi wònɔe le eƒe ɖetugbime ene la, ekpa mo aɖu fofoa ƒe nuɖuɖu la, ɖeko to bubu me toa ɖeke mekpɔ mɔ aɖui o.


Ne amedzro, si le mia dome be, yeaɖu ŋutitotoŋkekenyuie na Yehowa la, ekema wòaɖui ɖe ɖoɖo kple se, siwo le ŋutitotoŋkekenyuiea ŋu la nu. Ɖoɖo ɖeka nanɔ eŋu na amedzrovi kple duamevi siaa.


bena mienɔ anyi le ɣemaɣi me Kristo menɔ mia si o, eye míenye ame tutɔwo na Israel ƒe dumetɔnyenye la kple amedzrowo na ŋugbedodo la ƒe nubablawo, eye mɔkpɔkpɔa ɖeke menɔ mia si o, eye Mawu hã menɔ mia si le xexeame o.


Eye Mawu ƒe amea ɖe va Eli gbɔ gblɔ nɛ bena: Yehowa ƒe gbe enye si: Meɖe ɖokuinye fia fofowò ƒe aƒe, le esime wonye kluviwo le Farao ƒe me le Egipte.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa