Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Mose 12:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Migblɔ na Israel-viwo ƒe ha blibo la katã bena: Le ɣleti sia ƒe ŋkeke ewolia dzi la ŋutsu sia ŋutsu nalé alẽvi ɖeka; aƒe sia aƒe, si me aƒehánua le la, nalé alẽvi ɖeka.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

3 Miɖe gbeƒã na Israelviwo katã be le ɣleti sia ƒe ŋkeke ewolia dzi la, ŋutsu ɖe sia ɖe nalé alẽvi ɖeka na eƒe ƒome, alẽ ɖeka ɖe aƒekɔ ɖeka ɖe sia ɖe nu.

Onani mutuwo Koperani




2 Mose 12:3
26 Mawu Ofanana  

Abraham xɔ edzi bena: Vinye, Mawu ŋutɔ aɖi alẽ miatsɔ amè nui. Eye wo kpakple eve wogayi ŋgɔ.


Habel hã tsɔ eƒe lãwo ƒe ŋgɔgbevi, siwo dami la ƒe ɖewo vɛ. Eye Habel kple eƒe nunana dze Yehowa ŋu;


Eye Yosiya tsɔ alẽvi kple gbɔ̃vi akpe blaetɔ̃ na dukɔ hahoo la, be woatsɔ wo katã asa ŋutitotoŋkekenyuie ƒe vɔ ɖe amesiwo katã va la ta hekpe ɖe nyi akpe etɔ̃ nu, nusiawo tso fia la ƒe kesinɔnuwo me.


Ɣleti sia nanye vevietɔ na mi, eya nanye ɣleti gbãtɔ na mi le ƒe la me.


Eye Mose yɔ Israel-viwo ƒe ame tsitsiwo katã vɛ, eye wògblɔ na wo be: Miyi ɖalé alẽ ɖe miaƒe aƒewo nu, eye miawui hena ŋutitotoŋkekenyuie la!


Ke ne aƒea ɖe me tɔwo mesɔ gbɔ ate ŋu aɖu alẽvi ɖeka o la, ekema woakpe ɖe woƒe aƒelika, si te ɖe woƒe aƒe ŋu la miti, alesi wòasɔ gbɔ, be alẽvi ɖeka nade wo nu.


Eye miadzrae ɖo vaseɖe ɣleti sia ƒe ŋkeke wuienelia dzi, eye Israel-viwo ƒe ha blibo la nawui le fiẽ me.


Eye Yehowa gblɔ na Mose bena: Nukaŋuti nèle ɣli dom le yɔyem? Gblɔ na Israel-viwo bena, woaho adzo.


Eye wogblɔ na Mose bena: Wò la ƒo nu kpli mí, eye míaɖo to asee, ke Mawu megaƒo nu kpli mí, bena míagaku o.


Eye Aron gblɔ nya, siwo katã Yehowa de asi na Mose la; ke eya wo dzesiawo le dukɔ la ƒe ŋku me.


Eyata gblɔ na Israel-viwo bena: Nyee nye Yehowa! Makplɔ mí le dɔ sesẽ, si wɔm miele na Egiptetɔwo la nu, eye mana miavo atso miaƒe kluvidɔ la me, eye mado nye alɔ ɖa atsɔ ŋusẽ gã aɖe mi.


Le aboyoɖeɖe mí ƒe ƒe blave vɔ atɔ̃lia ƒe gɔmedzedzea me, le dzinu la ƒe ŋkeke ewolia dzi, le esi wòsi du la ƒe wuiene megbe la, ŋkeke ma dzi tututu Yehowa ƒe asi va dzinye, eye wòkplɔm yi afimae.


Ƒo nu kple Israel-viwo, eye nagblɔ na wo bena: Ne mia dometɔa ɖe be, yeatsɔ lãfɔnee asa vɔ na Yehowa la, ekema netsɔ nyi alo alẽ sa vo lae.


eye wòatsɔ alẽnɔ alo gbɔ̃nɔ asa nuvɔ̃ŋutivɔe na Yehowa ɖe eƒe vo, si wòda heɖi fa la ta, eye nunɔla nale avu ne le eƒe nuvɔ̃ la ta.


Alea woakpee ɖe nyi sia nyi, agbo sia agbo, alẽvi sia alẽvi kple gbɔ̃vi sia gbɔ̃vi ŋu enye si.


Esi ŋu ke la, ekpa Yesu gbɔna ɖe egbɔ, eye wògblɔ bena: Kpɔ ɖa, Mawu ƒe alẽvi, si le xexeame ƒe nuvɔ̃ la tsɔm yina la, enye si!


eye esi wòkpɔ Yesu, si le tsa ɖim, dzi dũ la, egblɔ bena: Kpɔ ɖa, Mawu ƒe alẽvie nye ekem.


Azɔ ŋkeke ade hafi ŋutitoto la naɖo la, Yesu va Betania, afisi Lazaro, si wòfɔ ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la le.


Esi ŋu ke la, ameha geɖe, siwo va ŋkekenyuieɖuƒe la, esi wose bena, Yesu gbɔna Yerusalem la,


Eyata mitsɔ amɔwɔ ʋaʋã xoxo la ƒu gbe, bene mianye amɔwɔ yeye, abe alesi míenye amɔwɔ maʋamaʋã ene; elabena wowu míaƒe ŋutitotolẽvi, si nye Kristo la hã.


Eyata miva etsɔ ŋdi tototo, eye to, si Yehowa alé la, nate va ƒomeƒome, eye ƒome, si Yehowa alé la, nate va aƒeaƒe, eye aƒe, si Yehowa alé la, nate va ŋutsu ɖekaɖeka.


Eye anyigbadzinɔla, siwo katã ƒe ŋkɔwo womeŋlɔ ɖe alẽvi, si wowu la, ƒe agbegbalẽa me tso xexeame ƒe gɔmeɖoɖoanyi me o la, woasubɔe.


Eye Samuel lé alẽvi, si gale no nom, hesa numevɔe, eye wòtɔ dzoe blibo na Yehowa; eye Samuel ɖe kuku na Yehowa ɖe Israel ta, eye Yehowa ɖo toe.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa