Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Mose 12:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Ɣleti sia nanye vevietɔ na mi, eya nanye ɣleti gbãtɔ na mi le ƒe la me.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

2 “Tso azɔ dzi yina la, ɣleti siae anye gbãtɔ kple ɣleti vevitɔ wu na mi le ƒea me.

Onani mutuwo Koperani




2 Mose 12:2
14 Mawu Ofanana  

Le dzinu gbãtɔ, si nye dzinu Nisan me, le fia Axasweros ƒe ƒe wuievelia me la, woda pur, si nye nudzidzernu le Haman ŋku me le ŋkeke sia ŋkeke dzi kple dzinu sia dzinu me vaseɖe dzinu wuievelia, si nye dzinu Adar me.


Eye Yehowa gblɔ na Mose kple Aron le Egipte-nyigba dzi bena:


Le ɣleti gbãtɔ me, tso ɣleti la ƒe ŋkeke wuienelia ƒe fiẽ miadze abolo maʋamaʋã ɖuɖu gɔme vaseɖe ɣleti la ƒe ŋkeke blave vɔ ɖekɛlia ƒe fiẽ.


Migblɔ na Israel-viwo ƒe ha blibo la katã bena: Le ɣleti sia ƒe ŋkeke ewolia dzi la ŋutsu sia ŋutsu nalé alẽvi ɖeka; aƒe sia aƒe, si me aƒehánua le la, nalé alẽvi ɖeka.


Tete Mose gblɔ na dukɔ la bena: Miɖo ŋku ŋkeke sia, si dzi mieʋu tso Egipte, afisi míenye kluviwo le la dzi; elabena asi sesẽ Yehowa tsɔ kplɔ mi tso afima Eyata migaɖu abolo ʋaʋãa ɖeke o!


Egbee mieʋu, le nuŋeɣleti la dzi.


Ɖo ŋku abolo maʋamaʋã ŋkeke la dzi; ŋkeke adre sɔŋ naɖu abolo maʋamaʋã le nuŋeɣleti ƒe ŋkeke, si woɖo la dzi, abe alesi mede se na wò ene; elabena eya dzi nèʋu tso Egipte. Ke womava ŋkunye me asi gbolo o.


Ɖo ŋku abolo-maʋamaʋã-ŋkekenyuie la dzi. Ŋkeke adre sɔŋ naɖu abolo maʋamaʋã le nuŋeɣleti ƒe ŋkeke, si woɖo la dzi, abe alesi mede se na wò ene; elabena nuŋeɣleti la dzi nèʋu tso Egipte.


Le ƒe evelia ƒe ɣleti gbãtɔ ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi wotu nɔƒe la.


Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Le dzinu gbãtɔ ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi la nate nyitsuvi, si sɔ blibo la, eye natsɔ aɖe nuvɔ̃ ɖa le kɔkɔeƒe lã ŋu.


Le dzinu gbãtɔ ƒe ŋkeke wuienelia dzi la miaɖu ŋutitoto-ŋkekenyuie; miaɖui ŋkeke adre sɔŋ, eye woaɖu abolo maʋãmaʋã.


Ɣleti gbãtɔ ƒe ŋkeke wuienelia ƒe fiẽ enye ŋutitotoŋkekenyuie na Yehowa,


Ɣleti gbãtɔ ƒe ŋkeke wuienelia enye ŋutitotoŋkekenyuie na Yehowa.


Wò ŋku nena nuŋeɣleti la ŋu, eye naɖu ŋutitotoŋkekenyuie na Yehowa, wò Mawu la, elabena nuŋeɣleti la dzi Yehowa, wò Mawu, kplɔ wò tso Egipte de zã me.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa