Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Mose 12:19 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

19 Ŋkeke adre sɔŋ womakpɔ amɔwɔ ʋaʋã le miaƒe xɔwo me o, elabena amesiame, si aɖu abolo ʋaʋã la, woaɖee ɖa le Israel-viwo ƒe ha me, eɖanye amedzro alo dumevi o.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

19 Mele be amɔʋãtike aɖeke nanɔ miaƒe aƒewo me le ŋkeke adre siawo me o. Woaɖe ame sia ame si aɖu nu si wowɔ kple amɔ ʋaʋã le ɣeyiɣi sia me la le Israelviwo ƒe hame. Ele be amedzro siwo le mia dome kple dzɔleaƒeawo siaa nalé se sia me ɖe asi.

Onani mutuwo Koperani




2 Mose 12:19
13 Mawu Ofanana  

Ŋkeke adre sɔŋ mianɔ abolo maʋamaʋã ɖum; tso ŋkeke gbãtɔ dzi ke miaɖe amɔwɔ ʋaʋã ɖa tso miaƒe xɔwo me, elabena amesi ke agaɖu abolo ʋaʋã tso ŋkeke gbãtɔ dzi vaseɖe ŋkeke adrelia dzi la, woaɖee ɖa le Israel-viwo dome.


Megatsɔ nu ʋaʋãa ɖeke doe o, ke boŋ naɖu nu maʋama ʋã, si nye funyibolo la, ŋkeke adre sɔŋ, elabena kplakplakpla dzi nele, hafi ʋu tso Egipte-nyigba dzi, ne gbesigbe nèʋu tso Egipte-nyigba dzi la, nano ŋku dzi na wò le wò agbe me ŋkekewo katã me.


Ɖo ŋku abolo maʋamaʋã ŋkeke la dzi; ŋkeke adre sɔŋ naɖu abolo maʋamaʋã le nuŋeɣleti ƒe ŋkeke, si woɖo la dzi, abe alesi mede se na wò ene; elabena eya dzi nèʋu tso Egipte. Ke womava ŋkunye me asi gbolo o.


Ne amea de megblẽ kɔ ɖo o, eye meyi nugbe hã o, gake wògbe ŋutitotoŋkekenyuie la ɖuɖu la, ekema woatsrɔ̃ ame la ɖa le eƒe dukɔ me viwo dome, elabena mesa vɔ na Yehowa ɖe ɣeyiɣi la dzi o; ame la ŋutɔ ƒe nuvɔ̃ le edzi.


Ɖo ŋku abolo-maʋamaʋã-ŋkekenyuie la dzi. Ŋkeke adre sɔŋ naɖu abolo maʋamaʋã le nuŋeɣleti ƒe ŋkeke, si woɖo la dzi, abe alesi mede se na wò ene; elabena nuŋeɣleti la dzi nèʋu tso Egipte.


Ke ne amedzroa ɖe le gbɔwò, le didim be, yeaɖu ŋutitotoŋkekenyuie na Yehowa la, ekema wo dome ŋutsu sia ŋutsu natso aʋa, hafi woate va aɖui, eye woabui abe dumevi ene; ke bolobolotɔa ɖeke mekpɔ mɔ aɖui o.


Eye Yehowa gblɔ na Mose kple Aron bena: Esia enye ŋutitotoŋkekenyuie la ŋu ɖoɖowo: Amedzroa ɖeke mekpɔ mɔ aɖui o.


Migade nu abolo ʋaʋãa ɖeke ŋu o, eye afisiafi, si miele la, miaɖu abolo maʋamaʋã sɔŋ.


Tete Mose gblɔ na dukɔ la bena: Miɖo ŋku ŋkeke sia, si dzi mieʋu tso Egipte, afisi míenye kluviwo le la dzi; elabena asi sesẽ Yehowa tsɔ kplɔ mi tso afima Eyata migaɖu abolo ʋaʋãa ɖeke o!


Abolo maʋamaʋã miaɖu ŋkeke adre sɔŋ, eye womekpɔ abolo ʋaʋã alo amɔwɔ ʋaʋã le wò anyigba katã dzi o.


Ɣleti gbãtɔ ƒe ŋkeke wuienelia ƒe fiẽ enye ŋutitotoŋkekenyuie na Yehowa,


Ne amea ɖe wɔ etɔgbe alo wòna eƒe ɖe ame bubua ɖe la, woatsrɔ̃e ɖa le eƒe dukɔ me viwo dome.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa