Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Mose 12:14 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

14 Ŋkeke sia nanye ŋkuɖodzigbe na mi, eye mianɔ eɖum na Yehowa, wòanye ɖoɖo na miaƒe dzidzimeviwo, be miaɖui tegbee.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

14 “Ele be miaɖu ŋkekenyui sia na Yehowa ƒe sia ƒe be wòaɖo ŋku zã si me Egiptetɔwo ƒe ŋutsuvi gbãtɔwo ku la dzi. Esia zu se si me woalé ɖe asi tegbetegbe.

Onani mutuwo Koperani




2 Mose 12:14
29 Mawu Ofanana  

Eye ba la de se na dukɔ blibo lã bena: Miɖu ŋutitotoŋkekenyuie la na Yehowa mia Mawu la, abe alesi woŋlɔ ɖe nubabla ƒe agbalẽ sia me ene.


Edo ŋkuɖodzinu eƒe nukunuwo ŋu, amenuvela kple nublanuikpɔla enye Yehowa.


Yehowa, wò ŋkɔ anɔ anyi tegbee, Yehowa, woaɖo ŋku dziwò tso dzidzime yi dzidzime.


Miɖo ŋku abolo maʋamaʋã la dzi, elabena gbemagbe mekplɔ miaƒe amehawo tso Egipte-nyigba dzi. Eyata mido ŋku ŋkeke sia dzi, be wòanye ɖoɖo na miaƒe dzidzimeviwo tegbee!


Eye mia ŋutɔwo kple mia viwo miɖo ŋku ɖoɖo sia dzi tegbee.


Eye Yehowa gblɔ na Mose kple Aron bena: Esia enye ŋutitotoŋkekenyuie la ŋu ɖoɖowo: Amedzroa ɖeke mekpɔ mɔ aɖui o.


Eye miadzrae ɖo vaseɖe ɣleti sia ƒe ŋkeke wuienelia dzi, eye Israel-viwo ƒe ha blibo la nawui le fiẽ me.


Ɖo ŋku abolo maʋamaʋã ŋkeke la dzi; ŋkeke adre sɔŋ naɖu abolo maʋamaʋã le nuŋeɣleti ƒe ŋkeke, si woɖo la dzi, abe alesi mede se na wò ene; elabena eya dzi nèʋu tso Egipte. Ke womava ŋkunye me asi gbolo o.


le Mawu ƒe agbadɔ la me, le xɔmetsovɔ, si xe nubablaɖaka ŋku me la ŋgɔ, eye Aron kple viaŋutsuwo nadzrae ɖo, bena wòanɔ bibim le Yehowa ƒe ŋku me tso fiẽ vaseɖe ŋdi. Esia anye ɖoɖo na Israel-viwo kple woƒe dzidzimeviwo tegbee.


Emegbe Mose kple Aron woyi dagblɔ na Farao bena: Ale Yehowa. Israel ƒe Mawu la, gblɔ esi. Ɖe asi le nye dukɔ la ŋuti, bena wòayi aɖaɖu ŋkekenyuie nam le gbedzi!


Wòatsɔ nuɖuvɔsa efa ƒe adeliawo ɖeka akpe ɖe eŋu asa vɔe ŋdi sia ŋdi hekpe de ami hin ƒe etɔ̃liawo ɖeka ŋu, ne woatsɔ adzaba wɔ memee wòanye nuɖuvɔsa na Yehowa; ɖoɖo anye esia ɖaa.


eye le ɣleti sia ƒe ŋkeke wuiatɔ̃lia dzi miaɖu abolo maʋamaʋã ƒe ŋkekenyuie na Yehowa; ŋkeke adre sɔŋ miaɖu abolo maʋamaʋã.


Ke fiakuku la nenɔ Yehowa ƒe gbedoxɔ me, ne woafsɔ aɖo ŋku Xeldai, Tobiya kple Yedaya kpakple Zefanya vi la ƒe dɔmenyowɔwɔ dzi


Aron viŋutsu, siwo nye nunɔlawo, naku kpẽawo; ɖoɖo mavɔ wòanye na miaƒe dzidzimeviwo.


Ɖoɖo ɖeka nanɔ eŋu na dukɔ blibo la kple amedzrowo siaa. Ɖoɖo mavɔ wòanye na miaƒe dzidzimeviwo; mia kple amedzrowo miesɔ le Yehowa ŋku me.


Eye Yehowa gblɔ na Aron bena: Kpɔ ɖa, metsɔ adzɔ, siwo woɖena le Israel-viwo ƒe nunana kɔkɔewo katã ŋu la, na wò, wò ŋutɔ kple viwòŋutsuwo ƒe gome wònye, ɖoɖo mava wòanye.


Vavã mele egblɔm na mi bena: Afisi ke woaɖe gbe ƒã nyanyuie sia afia le le xexeme blibo la katã la, woagblɔ nusi nyanu sia wo la hã hena ŋkuɖoɖo edzi.


Eye esi wòtsɔ abolo ɖe asi la, eda akpe ɖe edzi, eye wòŋe eme hetsɔe na wo gblɔ bena: Esiae nye nye ŋutilã, si wona le mia ta: miwɔ esia hena ŋkuɖoɖo dzinye.


Wò ŋku nena nuŋeɣleti la ŋu, eye naɖu ŋutitotoŋkekenyuie na Yehowa, wò Mawu la, elabena nuŋeɣleti la dzi Yehowa, wò Mawu, kplɔ wò tso Egipte de zã me.


Eye mia kple viwòŋutsu kple viwònyɔnu, wò dɔlaŋutsu kple wò dɔlanyɔnu kpakple Lewitɔ, si le wò du me, kple amedzro, tsyɔ̃evi kple ahosi, siwo le dowòme la, miakpɔ dzidzɔ le Yehowa, wò Mawu, ŋku me le teƒe, si Yehowa, wò Mawu, atia be, yeƒe ŋkɔ nano la.


Bla wo ɖe wò asi ŋu abe dzesi ene, eye bla wo ɖe ŋgonu le ŋudome;


ekema migblɔ na wo bena: Elabena Yordan me tsia nu tso le Yehowa ƒe nubablaɖaka la ŋgɔ; esi wole Yordan tso ge la, tete Yordan me tsi la nu tso, eyata kpe siawo nye ŋkuɖodzinu na Israel-viwo tegbee do.


Eye wotsɔe wɔ se kple kɔnu na Israel tso gbemagbe dzi vaseɖe egbe.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa