Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Mose 12:12 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Elabena mele Egipte-nyigba dzi to ge le zã ma me, eye mawu amewo kple lãwo ƒe ŋgɔgbeviwo le Egipte-nyigba la dzi, eye made nye ŋusẽ afia Egipte-trɔ̃wo katã hã, nye Yehowa!

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

12 “Elabena mato Egiptenyigba la dzi le zã sia me, eye mawu ŋgɔgbevi ɖe sia ɖe, amewo kple lãwo tɔwo siaa. Madrɔ̃ ʋɔnu Egipte mawuwo katã, elabena nyee nye Yehowa.

Onani mutuwo Koperani




2 Mose 12:12
26 Mawu Ofanana  

Ke wogblẽ woƒe mawuwo ɖe afima, eye Dawid de se wotɔ dzo wo.


eya, amesi wu Egipte-ŋgɔgbeviwo tso amewo tɔ dzi vaseɖe lãwo tɔ dzi;


Asaf ƒe ha. Mawu tsi tre ɖe Mawu ƒe ha la me, eye wòdrɔ̃ ʋɔnu le mawuwo dome.


Nyee gblɔ be: Mawuwo mienye, eye dziƒoʋitɔ la ƒe viwo mi katã mienye!


Akpe nenɔ anyi dzem ɖe axawò, eye akpe ewo ɖe wò nuɖusi me, ke wò la, mate ɖe ŋuwò o!


Elabena Mawu gã enye Yehowa kple fia ga de mawuwo katã dzi.


Elabena ne Yehowa yina Egiptetɔwo gblẽ ge, eye wòkpɔ ʋu, si le ʋɔtruti eveawo kple etametɔ ŋuti la, Yehowa ato ʋɔtru la ŋu, eye mana nugblẽla la nage ɖe miaƒe xɔwo me awu mi o.


Fifi ko menyae bena, Yehowa kpe wu mawuwo katã; elabena etsɔ woawo ŋutɔ ƒe nu vlo wɔwɔ he toe na wo.


ekema eƒe aƒetɔ nakplɔe ava Mawu ƒe ŋku me, atsɔe aɖo ʋɔtru nu alo ʋɔtrutiwo gbɔ, eye eƒe aƒetɔ naŋɔ to nɛ kple nuŋɔnui, be wòasubɔe tegbee.


Megamiã asi ɖe wò agblemenu ʋaʋãwo kple wò ami dzi o, eye natsɔ wò ŋgɔgbeviŋutsuwo nam.


Eye Mawu ƒo nu kple Mose gblɔ nɛ bena: Nyee nye Yehowa!


Esi ŋu ke la, Yehowa na wòva me. Eye Egipte-tɔwo ƒe lãwo katã ku; ke Israel-viwo ƒe lãwo dome ɖeka hã meku o.


Nya ɖe Egipte ŋu. Kpɔ ɖa, Yehowa do alilikpo ɖidu gbɔna ɖe Egipte: Egipte legbawo dzo nyanyanya le eŋku me, eye dzi lolo ɖe dɔ me na Egipte


Mado dzo ɖe Egipte-mawuwo ƒe me, eye wòatɔ dzo wo ahaɖe aboyo wo, ado Egipte-nyigba, abe alesi lãkplɔvi ɖoa awu ʋlayae ene, eye wòadzo le ŋutifafa me.


Agbã sɔti, siwo le Bet-Semes le Egipte-nyigba dzi, eye wòala dzo Egipte-mawuwo ƒe xɔwo.


Yehowa Zebaot, Israel ƒe Mawu la be: Mahe to na Amon le No, na Farao, na Egipte kple eƒe mawuwo kple eƒe fiawo kpakple amesiwo le dzi ɖom ɖe Farao ŋu la.


Ke makpɔtɔ woƒe ame ʋeea ɖewo ɖi tso yi, dɔwuame kple dɔvɔ̃ si me, ne woaxlẽ woƒe ŋunyɔnuwɔwɔwo katã afia le dukɔwo dome, afisi woayi, ne woawo nadze sii be, nyee nye Yehowa.


eye konyifafa anɔ weingblewo katã me, ne meva to dowòme yi, Yehowa ye gblɔe.


Yehowa anye ame dziŋɔ anɔ wo nu, elabena ana legbawo katã nu nayi le anyigba dzi, eye dukɔwo ƒe ƒukpowo katã aɖo gbe ɖa na, amesiame le enɔƒe.


le esime Egiptetɔwo le woƒe ŋgɔgbevi, siwo katã Yehowa vu le wo dome la ɖim, eye Yehowa ɖe eƒe ŋusẽ fia woƒe mawuwo hã.


Ke esi Asdodtɔwo fɔ ŋdi kanya la, kpɔ ɖa, Dagon tsɔ mo bu anyi ɖe Yehowa ƒe aɖaka la ŋgɔ, eye wòfɔ Dagon gatsɔ ɖo eteƒe.


Miwɔ miaƒe ƒoƒoeawo kple afi, siwo le miaƒe anyigba gblẽm la, ƒe nɔnɔme, eye miɖe bubu Israel ƒe Mawu la ŋu! Ɖewohĩ ana eƒe asi, si va mia ŋutɔwo kple miaƒe mawuwo kpakple miaƒe anyigba dzi la, dzi naka aɖe.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa