Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Mose 11:6 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Eye nublanuiɣli aɖi le Egipte-nyigba blibo la katã dzi, esi tɔgbe meva kpɔ o, eye magava hã akpa o.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

6 Konyifaɣli aɖi to Egiptenyigba blibo la dzi. Konyifafa sia tɔgbi menɔ anyi kpɔ o, eye etɔgbi magadzɔ akpɔ o.

Onani mutuwo Koperani




2 Mose 11:6
15 Mawu Ofanana  

Ke avũ mawo ɖe ame alo lã ŋu le Israel-viwo katã dome o, bena mianyae be, Yehowa de vovo Egiptetɔwo kple Israel-viwo dome.


Tete Farao kple eŋu mewo kpakple Egiptetɔwo katã fɔ le zã titina, eye avifafa de dzi le Egipte-nyigba dzi hoo, elabena aƒea ɖeke meli, si me ame meku le o.


Eye Yehowa gblɔ bena: Mekpɔ alesi wole nye dukɔ tem ɖe anyi le Egipte keŋ, eye mese woƒe ɣli, si wodo, be yewoavo atso yewo dzikpɔlawo si me la; ẽ, menya woƒe fukpekpewo.


ekema mana kpetsi gãwo nadza etsɔ wɔale siawo, esiwo tɔgbe medza ɖe Egipte-nyigba dzi kpɔ o vaseɖe fifi, tso esime woɖo egɔme anyi.


Amesi xe nu to me ɖe ame dahewo ƒe ɣlidodo la, eya hã ado ɣli, eye womesea o.


Elabena konyifaɣli kpe Moab ƒe liƒo ɖo, eƒe avifafa de Eglayim ke, eƒe avifafa de Beer-Elim ke!


Ɣemaɣi la Egiptetɔwo anɔ abe nyɔnuwo ene, ŋɔ adzi wo, eye woadzo nyanyanya le Yehowa Zebaot ƒe asi, si wònyẽ ɖe wo ŋu la ŋuti.


Ale Yehowa gblɔ esi: Wose konyifagbe le Rama kple avifafa vevie, Raxel le fafam na viawo, eye wogbe be, womegafa akɔ na ye le ye viwo ŋuti o, le esi womegali o la ta.


Ne mele ɣli dom le eyɔm hã le, etua nu ɖe nye gbedodoɖa nu.


eye konyifafa anɔ weingblewo katã me, ne meva to dowòme yi, Yehowa ye gblɔe.


Gbemagbe la asiƒunu aɖl tso tɔmelãgbo la nu, avifafa atso du la ƒe to evelia, eye hoo-wɔwɔ gã atso togbɛwo dzl, Yehowa ye gblɔe!


Afima avifafa kple aɖukliɖuɖu lanɔ, ne miakpɔ Abraham kple Isak kple Yakob kple nyagblɔɖilawo katã le mawufiaɖuƒe la me, ke wotsɔ miawo ya ƒu gbe ɖe egodo.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa