Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Mose 11:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Eyata gblɔ na dukɔ la bena: Ŋutsu sia ŋutsu kple nyɔnu sia nyɔnu nabia klosalo kple sikanuwo le eƒe aƒelika si!

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

2 Gblɔ na Israel ŋutsuwo kple nyɔnuwo be woadzra ɖo hena sikanuwo kple klosalonuwo ɣeɣe le wo xɔlɔ̃ siwo nye Egiptetɔwo la si.”

Onani mutuwo Koperani




2 Mose 11:2
16 Mawu Ofanana  

Eye dɔla la ɖe klosalo- kple sikanuwo kple avɔ veviwo na Rebeka, eye wotsɔ akpedanu xɔasiwo na nɔvia kple dadaa.


Ale Mawu xɔ lãha blibo le mia fofo si hetsɔ nam.


Ekplɔ wo dzoe kple klosalo kple sika, eye ame kudɔea ɖeke meno woƒe toawo me o.


Dawid ƒe ha. Yehowa tɔe nye anyigba kple nusiwo yɔ edzi, xexeame kple eme nɔlawo.


Eye mana Egipte-tɔwo nave dukɔ sia nu, bena ne miele dzodzo ge la, miayi asi gbɔloe o;


ke nyɔnu sia nyɔnu nabia klosalo kple sikanuwo kpakple avɔwo le eƒe aƒelika kple eƒe me medzrowo si, eye miatsɔ wo aɖo atsyɔ̃ na mia viŋutsuwo kple mia vinyɔnuwo. Ale miaha Egiptetɔwo enye si!


Megblɔ na wo bena: Amesi ke si sika le la, netsɔe vɛ nam. Tete wotsɔe vɛ nam, eye medee dzo me ko wòtrɔ zu nyivi.


Ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa, amesiame, si lɔ̃ tso dzime faa la, tsɔ alɔnugawo, togɛwo, asigɛwo, sikakɔdzonuwo kple sikatsyɔ̃nu vovovowo vɛ. Eye amesiame tsɔ sika wɔ adzɔgbeɖenui na Yehowa.


Viwo ƒe viwo nyia dɔmenyotɔ ƒe dome; ke wodzraa nuvɔ̃wɔla ƒe nuwo ɖo ne ame dzɔdzɔe.


Tɔnyee nye klosalo, eye tɔnyee nye sika, Yehowa Zebaot ye gblɔe!


Alo ɖe ma mele asinye bena, mawɔ nusi nye tɔnye la ŋuti do, alesi melɔ̃ o mahã? Alo nye ɖɔmenyonyo ŋutie nèle ŋku biam ɖe ŋutinye ɖo mahã?


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa