Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Mose 11:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Eye Yehowa gblɔ na Mose bena: Esusɔ fuwɔame ɖeka mahe ava Farao kple Egiptetɔwo dzii; emegbe la aɖe asi le mia ŋu miadzo le afisia. Ke menye asi ko wòaɖe le mia ŋu o; boŋ anyẽ mi atso afisia.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

1 Yehowa gblɔ na Mose be, “Magaɖo fuwɔame ɖeka pɛ ko ɖe Farao kple eƒe anyigba la dzi. Le esia megbe la, Farao aɖe asi le mia ŋu miadzo. Le nyateƒe me la, atsi dzi be miadzo ale gbegbe be wòanya mi le eƒe anyigba la dzi.

Onani mutuwo Koperani




2 Mose 11:1
11 Mawu Ofanana  

Gake hã mava wɔ fu dukɔ, si subɔm wole la, eye le esia megbe la woatsɔ kesinɔnu geɖewo adzoe.


Aɖo ɖasefo bubuwo ɖe ŋunye ɖaa, àdzi wò dziku ɖe dzi ɖe ŋunye, eye aʋakɔwo anɔ li ɖɔm wo nɔewo atraɖii ɖe ŋunye.


Le zã titina la Yehowa wu ŋgɔgbeviwo katã le Egipte-nyigba dzi, tso Farao ƒe ŋgɔgbevi, si le eƒe zi dzi la dzi vaseɖe gatɔ, si le gaxɔ me la, ƒe ŋgɔgbevi kpakple lãwo ƒe ŋgɔgbeviwo katã dzi.


Mado nye asi da, eye matsɔ nye nukunuwo katã, siwo mawɔ le wo dome la, aɖee le mo na Egiptetɔwo: emegbe hafi woana miayi.


Yehowa gblɔ na Mose bena: Azɔ akpɔ nusi mele Farao wɔ ge. Alɔ sesẽ ana wòaɖe asi le wo ŋu, eye alɔ sesẽ ana wòanya wo atso eƒe anyigba dzi.


Ne menye nenem o la, mala nye fuwɔamewo katã atrɔ ɖe wò ŋutɔ, ŋuwò mewo kple dukɔ la dzi, bena nanyae be, amea ɖeke mede nunye le anyigba blibo la katã dzi o.


Gake ne miaƒe nuwɔwɔwo gatsi tre ɖe ŋunye ko, eye miegbe toɖoɖom la, ekema magaɖe fu na mi de dzi zi adre le miaƒe nuvɔ̃wo ta.


Alo ɖe mawua ɖe te kpɔ be, yeava atsɔ ŋusẽ-nuwɔwɔwo kple dzesiwo, nukunuwo kple aʋawɔwɔ, asi sesẽ kple abɔ, si wodo ɖe dzi, kpakple nu klitsuwo aɖe dukɔ le dukɔwo dome na eɖokui, abe alesi Yehowa, mia Mawu, wɔ na mi le Egipte miekpɔ enea?


Eye dzoxɔxɔ gã ŋuta ɖu amewo, eye wode busu Mawuƒe ŋkɔ, si kpo ŋusẽ ɖe fuwɔame siawo dzi, eye wometrɔ le woƒe dzi me, bene woatsɔ kafukafu nɛ o.


Eye wogblɔ bena: Avulénu ka miatsɔ akpe ɖe eŋu? Woɖo ŋu bena: Miwɔ sikaƒoƒoe atɔ̃ kple sikafi atɔ̃ ɖe Filistitɔwo ƒe amegãwo ƒe xexlẽme nu, elabena dɔvɔ̃ ɖeka ŋugbe va mi katã kple miaƒe amegãwo dzi!


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa