Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Mose 10:9 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Mose ɖo ŋu bena: Miele mía viwo kple míaƒe amegã ɖeɖiwo kplɔ ge ɖe asi; miele mía viŋutsuwo kple mía vinyɔnuwo, miaƒe alẽwo kple míaƒe nyiwo kplɔ ge ɖe asi; elabena ŋkekenyuie ɖu ge míeyina na Yehowa.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

9 Mose ɖo eŋu be, “Míayi kple mía viŋutsuwo, mía vinyɔnuwo kple míaƒe lãwo, elabena ŋkekenyui ɖu ge míeyina na Yehowa.”

Onani mutuwo Koperani




2 Mose 10:9
19 Mawu Ofanana  

Eye Yosef ƒemetɔwo katã, nɔviawo, kple fofoa ƒemetɔwo katã yi kplii; negbe wo viwo, woƒe alẽwo kple nyiwo ko wogblẽ ɖe Gosen-nyigba la dzi.


Eɖo ŋu na wo bena: Yehowa naɖi na mi! Maɖe asi le mia kple mia viwo siaa ŋua? Nyateƒee, mieɖo vɔ̃ ɖe tame.


Ke míakplɔ míaƒe lãwo hã ɖe asi, afɔkli gɔ̃ hã matsi anyi o; elabena woawo ƒe ɖe tsa ge míala asubɔ Yehowa, mia Mawu lae. Mienyã nusi tso ge míala asubɔ Yehowa haɖe o, vaseɖe esime míaɖo afima hafi.


Mikplɔ miaƒe alẽwo kple nyiwo hã ɖe asi yii, abe alesi miegblɔ ene, eye miɖayra nye hã!


Eye Israel-viwo ʋu tso Ramses va Sukot; ŋutsu, siwo katã zɔ afɔ, anɔ ame akpe alafa ade, ɖeviwo mele eme o.


Amedzro geɖewo hã kpe ɖe wo ŋuti, eye wokplɔ alẽwo kple nyiwo, lãha gã ŋuta, ɖe asi.


Ŋkeke adre sɔŋ naɖu abolo maʋamaʋã, eye ŋkeke adrelia enye ŋkekenyuie na Yehowa.


Eye ne woɖo to wò gbe la, ekema mia kple Israel-viwo ƒe ame tsitsiwo miayi Egipte-fia gbɔ, eye miagblɔ nɛ bena: Yehowa, Hebritɔwo ƒe Mawu la, ɖe eɖokui fia mí; eyata na miazɔ ŋkeke etɔ̃ ƒe mɔ ayi gbedzi, aɖamè nu na Yehowa mia Mawu la.


Emegbe Mose kple Aron woyi dagblɔ na Farao bena: Ale Yehowa. Israel ƒe Mawu la, gblɔ esi. Ɖe asi le nye dukɔ la ŋuti, bena wòayi aɖaɖu ŋkekenyuie nam le gbedzi!


Wogblɔ bena: Hebritɔwo ƒe Mawu la ɖe eɖokui fia mí. Na míazɔ ŋkeke etɔ̃ ƒe azɔli ayi gbeɖzi, ne miasa vɔ na Yehowa, mía Mawu la: ne menye nenem o la, adze mia dzi kple dɔvɔ̃ alo yi.


Tsɔ wò kesinɔnuwo kple wò agblemenuwo katã ƒe gbãlɔwo du bubu Yehowa ŋu,


Ɖo ŋku wɔwòla dzi le wò ɖekakpuiŋkekewo me, hafi ne ŋkeke vɔ̃wo nava, eye ƒe, siwo ŋu nele gbɔgblɔ ge le be, womedze ye ŋu o la, nagogo;


Ɣleti adrelia te ŋkeke wuiatɔ̃lia enye takpegbe kɔkɔe na mi miawɔ asinudɔa ɖeke o, eye miaɖu ŋkekenyuie na Yehowa ŋkeke adre sɔŋ.


Eye mi fofowo la, migado dziku na mia viwo o, ke miayi wo le Aƒetɔ la ƒe hehe kple nuxɔxlɔ̃ la me.


Ke ne Yehowa subɔsubɔ medze mia ŋu o la, ekema mitia, amesi subɔ ge míala, egbea: eɖanye mawu, siwo mia fofowo subɔ le tɔsisi la godo, alo Amoritɔ, siwo ƒe anyigba dzi miele la, ƒe mawuwo o. Ke mía kple nye aƒe ya miasubɔ Yehowa!


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa