Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Mose 10:6 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Eye wòayi ɖe wò xɔwo, ŋuwò mewo ƒe xɔwo kple Egiptetɔwo katã ƒe xɔwo me taŋ, nusi teƒe fofowòwo kple tɔgbuiwòwo mekpɔ kpɔ vaseɖe fifi, tso esime wova anyigba la dzi o. Tete wòtrɔ dzo le Farao gbɔ.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

6 Woayɔ wò aƒewo me, wò dumegãwo ƒe aƒewo me kple Egiptetɔwo katã ƒe aƒewo me, nu si mia fofowo loo alo mia tɔgbuiwo mekpɔ kpɔ, tso gbe si gbe wova anyigba sia dzi va se ɖe fifia o.’ ” Ale Mose trɔ dzo le Farao ŋkume.

Onani mutuwo Koperani




2 Mose 10:6
11 Mawu Ofanana  

Gbeɖe! Ŋutsuwo ko nayi aɖasubɔ Yehowa, elabena alea míeɖi! Eye wonyã wo dzo le Farao gbɔe.


Eye nublanuiɣli aɖi le Egipte-nyigba blibo la katã dzi, esi tɔgbe meva kpɔ o, eye magava hã akpa o.


Emegbe ŋutiwò me siawo katã ava gbɔnye, eye woade ta agu nam agblɔ bena: Wò ŋutɔ kple amesiwo katã le ŋuwò la, miyi! Emegbe hafi madzo Eye wòdzo le Farao gbɔ kple dziku gã ŋutɔ.


Eye Farao yɔ Mose kple Aron vɛ, eye wògblɔ na wo be: Enyo, miɖasa vɔ na mia Mawu la le anyigba sia dzi!


Ke afakalawo hã tso woƒe aye me nuwɔwɔwo wòe nenema, eye wohe akpɔkplɔwo va Egipte-nyigba la dzi.


ekema mana kpetsi gãwo nadza etsɔ wɔale siawo, esiwo tɔgbe medza ɖe Egipte-nyigba dzi kpɔ o vaseɖe fifi, tso esime woɖo egɔme anyi.


Kpetsia le dzadzam, eye dzi le dzo kem ɖe eme edziedzi; kpetsia nu sẽ ŋutɔ, eye etɔgbe medza ɖe Egipte-nyigba blibo la katã dzi kpɔ o, tso esime amewo va edzi.


Viviti kple blukɔdogbe, alilikpo kple tsizidogbe wònye! Alesi agudzedze gbagbana ɖe towo, dzi la, nenema dukɔ gã sẽŋua ɖe avae, si tɔgbe menɔ anyi kpɔ gbeɖe, eye mele anyi nɔ ge le emegbe vaseɖe ƒome, siwo gbɔna la ŋɔli o.


Wole tsa glãla tsam le dua me, eye wole du ƒum le gli dzi, woge ɖe xɔwo me, eye wòto fesrenu ge ɖe eme abe fiafitɔ ene.


Le xɔse me wògblẽ Egipte ɖi, eye meva fia ƒe dɔmedzoe la o; elabena edo dzi, abe ɖe wòle amesi womekpɔna o la kpɔm ene.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa