Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Mose 10:5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Eye woanye atsyɔ anyigba blibo la katã dzi, ale bena anyigba magadze o; woaɖu nu mamlea, siwo kpetsia tso ɖi na mi la, eye woaɖu miaƒe ati, siwo gadze le gbe me la.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

5 Woatsyɔ anyigba la dzi ale gbegbe be anyigba la magadze o. Woaɖu numiemie sue siwo susɔ le kpetsi la megbe kple ati ɖe sia ɖe si le tsitsim le agble dzi.

Onani mutuwo Koperani




2 Mose 10:5
7 Mawu Ofanana  

Eye Yehowa gblɔ na Mose bena: Do wò asi ɖe Egipte-nyigba dzi, be nakplɔ ʋetsuviwo vɛ, ne woava Egipte-nyigba dzi aɖu gbe, siwo katã le anyigba dzi kpakple nusianu, si kpetsia tso ɖi la.


Eye wonye tsyo anyigba blibo la katã dzi, ale bena anyigba megale dzedzem o; woɖu gbe me nu miemiewo katã kple kutsetse, siwo kpetsia tso ɖi, eye aŋgba mumũa ɖeke megale atiwo kple gbe me nu miemiewo dzi le Egipte-nyigba blibo la katã dzi o.


Ke ne egbe asiɖeɖe le nye dukɔ ŋu la, ekema mana ʋetsuviwo nava wò anyigba dzi etsɔ.


Ke lu kple bli ya megblẽ o, elabena womekpɔ mie haɖe o.


Nusi ŋɔwo kpɔtɔ ɖi la, ʋetsuviwo ɖui; nusi ʋetsuviwo kpɔtɔ ɖi la, ʋetrawo ɖui, eye nusi ʋetrawo kpɔtɔ ɖi la, abɔwo ɖui.


Eye ma ɖo ƒe, siwo ʋetsuviwo kple ʋetrawo, abɔwo kple ŋɔwo ɖu nu la teƒe na mi, woawoe nye nye aʋakɔ gã, si medɔ ɖe mia ŋu.


Dzo le nu ɖum le eŋgɔ, eye dzoƒaɖe le nu fiãm le emegbe; anyigba la le eŋgɔ abe Eɖen-bɔ ene, eye emegbe nye gbegbe ɖeɖe sɔŋ; amea ɖeke masi le enu o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa