Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Mose 10:27 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

27 Gake Yehowa na Farao ƒe dzime sẽ, eye melɔ̃ be, yeaɖe asi le wo ŋu o.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

27 Ale Yehowa gana Farao ƒe dzi me gasẽ, eye meɖe asi le ameawo ŋu o.

Onani mutuwo Koperani




2 Mose 10:27
9 Mawu Ofanana  

Emegbe Yehowa gblɔ na Mose bena: Yi Farao gbɔ, elabena nyee na eya ŋutɔ kple eŋu mewo ƒe dzime sẽ, bena mawɔ nye dzesi siawo le wo dome;


Ke Yehowa na Farao ƒe dzime sẽ, eye meɖe asi le Israel-viwo ŋuti woyi o.


Eye Mose kple Aron wowɔ nukunu siawo katã le Farao ƒe ŋku me; ke Yehowa na Farao ƒe dzime sẽ, eye meɖe asi le Israel-viwo ŋu wodzo le eƒe anyigba dzi o.


Eye mana Farao ƒe dzime nasẽ, ale be wòati wo yome, eye maɖe nye ŋusẽ afia ɖe Farao kple eƒe aʋakɔ blibo la ŋuti; bena Egiptetɔwo nadze su be, nyee nye Yehowa. Eye wowɔ nenema.


Eye Yehowa na Egipte-fia Farao ƒe dzime sẽ, ale bena wòti Israel-viwo yome; ke asi sesẽ kplɔ Israel-viwo dzoe.


Eye Yehowa gblɔ na Mose bena: Ne ede Egipte la, ekema naɖo ŋku nukunu, siwo katã mede asi na wò la dzi awɔ le Farao ƒe ŋku me; ke nye la mana eƒe dzime nasẽ, bena maɖe asi le dukɔ la ŋu wòayi o.


Eyata azɔ la ekpɔa nublanui na amesi ke wòlɔ̃na be, yeakpɔ nublanui na, eye wòsẽa dzime na amesi ke wòlɔ̃na be, yeasẽ dzime na.


Eye ame susɔe, siwo fuwɔame siawo mewu o la, wometrɔ le dzi me tso woƒe asinudɔwɔwɔawo me o, bena woagasubɔ gbɔgbɔ vɔ̃wo kple sika- kple klosalo-kple gadzẽ- kple kpe- kpakple ati-legba, siwo metea ŋu kpɔa nu alo sea nu alo zɔa azɔli hã o la o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa