Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Mose 10:23 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

23 Amea ɖeke mete ŋu kpɔ nɔvia o, eye amea ɖeke mete ŋu dzo le enɔƒe o ŋkeke etɔ̃ sɔŋ. Ke kekeli le Israel-viwo katã ƒe nɔƒewo.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

23 Le ɣeyiɣi siawo katã me la, Egiptetɔwo megatea ŋu ʋãna o, le esime kekeli nɔ Israelviwo gbɔ abe tsã ene.

Onani mutuwo Koperani




2 Mose 10:23
15 Mawu Ofanana  

Eye wònɔ Egiptetɔwo ƒe aʋakɔ kple Israel ƒe aʋakɔ la dome, eye alilikpo la do viviti ɖe Egiptetɔwo, eye wòklẽ na Israel-viwo le zã la me, ale bena wo dometɔa ɖeke mete ɖe nɔvia ŋu zã blibo la katã o.


Esi Yehowa gblẽ Nil me tsia la, etsi nenema ŋkeke adre sɔŋ.


Gbemagbe maɖe Gosen-nyigba, si dzi nye dukɔ le la, le eme, eye togbatoawo made afima o, bena nanyae be, nyee nye Yehowa le anyigba la dzi.


Eye made vovo nye dukɔ kple wò dukɔ dome; etsɔe dzesi sia ava me!


Mose ɖo ŋu bena: Menyo bena, míawɔ nenema o, elabena nusi nyɔa ŋu na Egiptetɔwo la, tsɔ ge míala asa vɔ na Yehowa, mía Mawu la. Azɔ ne mietsɔ nusi nyɔa ŋu na Egiptetɔwo le woƒe ŋku me la, ɖe womaƒu kpe mí oa?


Negbe Gosen-nyigba, si dzi Israel-viwo le ko, dzi kpetsia ɖeke mede o.


Ke Yehowa ade vovo Israel-viwo ƒe lãwo kple Egiptetɔwo to dome, eye lã, siwo nye Israel-viwo to la, dome ɖeke maku o.


Mana ŋkuagbãtɔwo nazɔ mɔ, si Womenya o la dzi, eye makplɔ wo ato toƒe manyamanyae, mana viviti nazu kekeli le wo ŋgɔ, eye kpoƒeewo nazu zɔzrɔ̃e. Nusiawo wo ge mala, eye nyemadzudzɔe o.


Esi dzinu etɔ̃ susɔ, ne nuŋeɣi naɖo la, mete tsidzadza mi; mena tsi dza, ɖe du ɖeka me, ke nyemena wòdza ɖe evelia me o; tsi dza ɖe agble ɖeka me; ke agble, si me tsi medza ɖo o la me ƒu kplakplakpla.


Emegbe miagakpɔ vovo, si le ame dzɔdzɔe kple ame vɔ̃ɖi dome, kple vovo, si le mawusubɔla kple amesi mesubɔnɛ o la dome.


amesi ɖe mí tso viviti ƒe ŋusẽ la me, eye wòtsɔ mí ɖo eƒe lɔlɔ̃vi ƒe fiaduƒe la me,


Eye wodo ɣli yɔ Yehowa, tete wòde viviti mia kple Egiptetɔwo dome, eye wòna ƒu la ŋe gbagba ɖe wo dzi. Miekpɔ nusiwo mewo Egiptetɔwo la kple ŋku, eye mietsi gbedzi eteƒe didi.


Ke miawoe nye dzidzime tiatia la, fia nunɔlanyenye, dukɔ kɔkɔe, dukɔ, si nye Mawu ŋutɔ tɔ, bene miaɖe gbe ƒã amesi yɔ mi tso viviti me va ye ŋutɔ ƒe nukukekeli gbɔ la, ƒe nutsuwɔwɔwo afia,


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa