Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Mose 10:22 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

22 Tete Mose do eƒe asi ɖe dziƒo, eye viviti tsiɖitsiɖia ɖe do ɖe Egipte-nyigba blibo la katã dzi ŋkeke etɔ̃ sɔŋ.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

22 Mose wɔ alea, eye blukɔ tsiɖitsiɖi aɖe do ɖe Egiptenyigba blibo la dzi ŋkeke etɔ̃.

Onani mutuwo Koperani




2 Mose 10:22
13 Mawu Ofanana  

Viviti kpea wo le ŋkeke me, eye wonoa asi tsam le ŋdɔkutsu abe zã me ene.


Eɖo viviti ɖa, eye blukɔ do, ke womebu eƒe nyawo o.


Ale dukɔ la tsi tre ɖe adzɔge ke; ke Mose te ɖe alilikpo dodo, si me Mawu le la ŋu.


alo wode ko to la, kpo ɖa, xaxa kple viviti li; xaxa ƒe tsizi kple blukɔ me woatutu wo ade.


Ne mena nuwò yi la, matsyɔ nu na dziŋgɔli, eye eƒe ɣletiviwo ata ahovɔ; alilikpo atsyɔ ɣe dzi, eye dzinu magaɖi o.


Mata ahovɔ na dziƒo ƒe nu keklẽwo katã le tawò, eye mana blukɔ nado ɖe wò anyigba dzi, Aƒetɔ Yehowa ye gblɔe.


Viviti kple blukɔdogbe, alilikpo kple tsizidogbe wònye! Alesi agudzedze gbagbana ɖe towo, dzi la, nenema dukɔ gã sẽŋua ɖe avae, si tɔgbe menɔ anyi kpɔ gbeɖe, eye mele anyi nɔ ge le emegbe vaseɖe ƒome, siwo gbɔna la ŋɔli o.


Elabena eya amesi mè towo, eye wòwɔ ya, etoa amegbetɔ ƒe tamesusuwo nɛ, enana agudzedze zua viviti, eye wòzɔa anyigba ƒe kɔkɔƒewo la ŋkɔ enye Yehowa, Mawu Zebaot!


Esi dzinu etɔ̃ susɔ, ne nuŋeɣi naɖo la, mete tsidzadza mi; mena tsi dza, ɖe du ɖeka me, ke nyemena wòdza ɖe evelia me o; tsi dza ɖe agble ɖeka me; ke agble, si me tsi medza ɖo o la me ƒu kplakplakpla.


Tete miete va, eye mietsi tre ɖe to la te, eye dzo de dzi le to la ŋu ɖase dziƒo ke, alilikpo do, eye viviti tsyɔ.


Ke nukaŋuti miaku azɔ? Elabena dzo gã sia afiã mi; nenye be, míegale Yehowa, mía Mawu, ƒe gbe sem ko la, míava ku.


Eye mawudɔla atɔ̃lia trɔ eƒe kplu la kɔ ɖe lã la ƒe zikpui dzi, eye eƒe fiaduƒe do viviti, eye woɖu ade le fukpekpe la ta,


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa