Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Mose 10:20 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

20 Ke Yehowa na Farao ƒe dzime sẽ, eye meɖe asi le Israel-viwo ŋuti woyi o.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

20 Ke Yehowa gana Farao ƒe dzi me gasẽ kokoko, eye meɖe asi le Israelviwo ŋu o.

Onani mutuwo Koperani




2 Mose 10:20
13 Mawu Ofanana  

Emegbe Yehowa gblɔ na Mose bena: Yi Farao gbɔ, elabena nyee na eya ŋutɔ kple eŋu mewo ƒe dzime sẽ, bena mawɔ nye dzesi siawo le wo dome;


Eye Yehowa na ɣetoɖoƒeya sesẽa ɖe ƒo, eye wòlɔ ʋetsuviawo ɖe nu ɖakɔ ɖe Avaƒu la me, ale be ʋetsuviawo dometɔa ɖeke megatsi Egipte-nyigba la ƒe afia ɖeke o.


Gake Yehowa na Farao ƒe dzime sẽ, eye melɔ̃ be, yeaɖe asi le wo ŋu o.


Eye Mose kple Aron wowɔ nukunu siawo katã le Farao ƒe ŋku me; ke Yehowa na Farao ƒe dzime sẽ, eye meɖe asi le Israel-viwo ŋu wodzo le eƒe anyigba dzi o.


Gake menyae bena, Egipte-fia maɖe mɔ na mi miadzo o, negbe ɖeko woazi edzi hafi.


Eye Yehowa gblɔ na Mose bena: Ne ede Egipte la, ekema naɖo ŋku nukunu, siwo katã mede asi na wò la dzi awɔ le Farao ƒe ŋku me; ke nye la mana eƒe dzime nasẽ, bena maɖe asi le dukɔ la ŋu wòayi o.


Eye Yehowa na Farao ƒe dzime sẽ, eye meɖo to wo o, abe alesi Yehowa gblɔ na Mose ene.


Eyata azɔ la ekpɔa nublanui na amesi ke wòlɔ̃na be, yeakpɔ nublanui na, eye wòsẽa dzime na amesi ke wòlɔ̃na be, yeasẽ dzime na.


Ke fia Sixon, amesi nɔ Xesbon, melɔ̃ be, míato egbɔ ayi o, elabena Yehowa, wò Mawu, na eƒe ame do kpe, eye eƒe dzime sẽ, bena wòatsɔe ade asi na wò, abe alesi wòzu egbe siawo ene.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa