Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Mose 10:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 eye bene nava xlẽ nusiwo mewɔ Egiptetɔwo kple dzesi, siwo mewɔ le wo dome la, afia viwòwo kple wò tɔgbuiyɔviwo, bena miadze sii be, nyee nye Yehowa.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

2 Esiawo anye ŋutinya siwo nàgblɔ na viwòwo kple wò tɔgbuiyɔviwo tso nukunu siwo mele wɔwɔm le Egipte la ŋu! Miƒo nu na wo tso ale si mewɔ Egiptetɔwo wozu abunɛtɔwo kple ale si meɖee fia mi bena nyee nye Yehowa la ŋuti.”

Onani mutuwo Koperani




2 Mose 10:2
22 Mawu Ofanana  

Eyata ètri akɔ, Yehowa Mawu, elabena amea ɖeke mede nuwò o, eye mawu bubua ɖeke mexe ɖe ŋuwò o, abe alesi míesee kple to pɛpɛpɛ ene.


Korax-viwo ƒe nufiameha na henɔ la.


Mawu, míesee kple míaƒe to, mía fofowo ɖa xo na mí, le nusiwo nèwɔ le wo ŋɔli le blema la ŋuti.


Ame dzɔdzɔe akpɔ dzidzɔ, elabena ele hlɔ̃biabia kpɔm, eye aklɔ eƒe afɔwo ɖe eme vɔ̃ɖi ƒe ʋu me.


Eyata, Mawu, megagblẽm ɖi o vaseɖe nye amegãkuku kple nye wɔƒoƒo me, vaseɖe esime meɖe gbe ƒã wò alɔ na dzidzimeviwo kple wò ŋusẽ na megbeviwo katã!


Nusi miese, míenya, eye mía fofowo tsɔ da xo na mi la,


Eye ne viwòŋutsu ava bia wò bena: esia gɔme ɖe mahã la, ekema gblɔ ne bena: Asi sesẽ Yehowa tsɔ kplɔ mí tso Egipte, afisi míenye kluviwo le.


Eye Egiptetɔwo adze sii bena, nyee nye Yehowa, ne meɖe nye ŋusẽ fia ɖe Farao kple tasiaɖamwo kpakple sɔdolawo ŋu.


Eye mana Farao ƒe dzime nasẽ, ale be wòati wo yome, eye maɖe nye ŋusẽ afia ɖe Farao kple eƒe aʋakɔ blibo la ŋuti; bena Egiptetɔwo nadze su be, nyee nye Yehowa. Eye wowɔ nenema.


Ale Yehowa gblɔ esi: Esia natsɔ anyae bena, nyee nye Yehowa. Matsɔ atikplɔ, si le asinye la, aƒo Nil-tɔsisi me tsia dzi, eye wòatrɔ zu ʋu.


Ekema Egiptetɔwo adze sii bena, nyee nye Yehowa, ne medo nye asi ɖe Egipte dzi, eye mekplɔ Israel-viwo dzoe le wo dome.


Eɖo ŋu be: Etso! Eye wògblɔ be: Ava me, abe alesi nedi ene, bena nanyae be, amea ɖeke mede Yehowa, mia Mawu la nu o.


Agbagbea, agbagbea koe akafu wò, abe alesi mele wɔwɔm egbe sia ene; fofo ɖea wò nyateƒe fiãa viwo.


Eye mena wotsɔ woƒe vɔsanuwo gblẽ kɔ ɖo na wo ɖokui, esime wotsɔ woƒe vi ŋgɔgbeawo katã to dzo mee, ne magblẽ wo, eye ne woadze sii be, nyee nye Yehowa.


Esi mekplɔ wo va anyigba, si ŋu meka atam ɖo be, matsɔ na wo la dzi, eye wokpɔ togbɛ kɔkɔ sia togbɛ kɔkɔ kple ati dodo sia ati dodo la, wosa woƒe akpedavɔwo le afima, eye wohe woƒe vɔsanu kudzinamewo va afima, wodo dzudzɔ ʋeʋẽe le afima, eye woƒo tsi ɖe anyi ɖe afima.


Mixlẽe fia mia viwo, mia viwo naxlẽe afia wo viwo, eye wo viwo naxlẽe afia wo megbeviwo!


Eye mi fofowo la, migado dziku na mia viwo o, ke miayi wo le Aƒetɔ la ƒe hehe kple nuxɔxlɔ̃ la me.


Ke kpɔ ɖokuiwò dzi nyuie, eye nakpɔ wò agbe ta, bena magaŋlɔ nusiwo nèkpɔ kple wò ŋku la be o, eye womagaɖo le wò dzi me le wò agbe me ŋkekewo katã me o, ke boŋ naxlẽ wo afia viwòwo kple viwòwo ƒe viwo.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa