Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Mose 10:15 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

15 Eye wonye tsyo anyigba blibo la katã dzi, ale bena anyigba megale dzedzem o; woɖu gbe me nu miemiewo katã kple kutsetse, siwo kpetsia tso ɖi, eye aŋgba mumũa ɖeke megale atiwo kple gbe me nu miemiewo dzi le Egipte-nyigba blibo la katã dzi o.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

15 elabena ʋetsuviawo xe anyigba la ƒe ŋkume, eye woxe ɣe hã ƒe ŋkume; ale viviti do ɖe anyigba la dzi. Gawu la, woɖu ati kple gbe ɖe sia ɖe si kpetsi la gblẽ ɖi, ale be nu mumu si nye ati alo gbe la ƒe ɖeke kura meganɔ Egiptenyigba blibo la dzi o.

Onani mutuwo Koperani




2 Mose 10:15
11 Mawu Ofanana  

Etsɔ woƒe numiemiewo na ʋetrawo kple woƒe agblemenuwo na ʋetsuviwo.


Eye Yehowa gblɔ na Mose bena: Do wò asi ɖe Egipte-nyigba dzi, be nakplɔ ʋetsuviwo vɛ, ne woava Egipte-nyigba dzi aɖu gbe, siwo katã le anyigba dzi kpakple nusianu, si kpetsia tso ɖi la.


Eye woanye atsyɔ anyigba blibo la katã dzi, ale bena anyigba magadze o; woaɖu nu mamlea, siwo kpetsia tso ɖi na mi la, eye woaɖu miaƒe ati, siwo gadze le gbe me la.


fiaa ɖeke mele ʋetsuviwo nu o, ke woƒe ha blibo la yina le ɖoɖo me,


Nusi ŋɔwo kpɔtɔ ɖi la, ʋetsuviwo ɖui; nusi ʋetsuviwo kpɔtɔ ɖi la, ʋetrawo ɖui, eye nusi ʋetrawo kpɔtɔ ɖi la, abɔwo ɖui.


Eye ma ɖo ƒe, siwo ʋetsuviwo kple ʋetrawo, abɔwo kple ŋɔwo ɖu nu la teƒe na mi, woawoe nye nye aʋakɔ gã, si medɔ ɖe mia ŋu.


Eye esi woɖu anyigba dzi gbewo vo keŋkeŋ la, megblɔ bena: Aƒetɔ Yehowa, tsɔe ke dzro! Aleke Yakob ate ŋu anɔ te, esi mele ɖeke me o?


Eye wòdɔ amewo ɖo ɖe Bileam, Beor vi gbɔ, le Petor le tɔsisi la nu le edetɔwo ƒe anyigba dzi, bena woayɔe vɛ hegblɔ bena: Kpɔ ɖa, dukɔa ɖe nye si ʋu tso Egipte, eye wònyẽ tsyɔ anyigba ŋku me, eye wòƒu asaɖa anyi ɖe mia kasa.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa