Heyi, ne naƒo Israel-viwo ƒe ame tsitsiwo nu fu, eye nagblɔ na wo bena: Yehowa, mia fofowo ƒe Mawu, Abraham ƒe Mawu, Isak ƒe Mawu kple Yakob ƒe Mawu la, de eɖokui liam gblɔ bena: Medo ŋku mia dzi, eye mekpɔ nusi dzɔ de mia dzi le Egipte.
Eye Yehowa gblɔ bena: Mekpɔ alesi wole nye dukɔ tem ɖe anyi le Egipte keŋ, eye mese woƒe ɣli, si wodo, be yewoavo atso yewo dzikpɔlawo si me la; ẽ, menya woƒe fukpekpewo.
Esi dzidzime mawo katã yi wo tɔgbuiwo gbɔ vɔ la, dzidzime bubu va dzɔ le wo megbe, amesiwo medze si Yehowa o, eye womenya naneke le nusiwo katã wòwɔ na Israel la ŋu o.