Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Kronika 9:9 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Eye wòna sika talento alafa ɖeka blave kple atike ʋeʋẽe geɖe ŋutɔ kpakple kpe xɔasi wo fia la; womegatsɔ atike ʋeʋẽe vɛ wòɖe esi Seba-fianyɔnu la na fia Salomo la nu kpɔ o.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

9 Tete Seba fianyɔnu la tsɔ sika tɔn ene, atikeʋeʋĩ gbogbo aɖewo kple kpe xɔasiwo na fia la. Ame aɖeke metsɔ atikeʋeʋĩ aɖeke vɛ kpɔ nenema abe esiwo Seba fianyɔnu la tsɔ na Fia Solomo ene o.

Onani mutuwo Koperani




2 Kronika 9:9
10 Mawu Ofanana  

Tete wo fofo Israel gblɔ na wo bena: Ne ele alea la, ekema miwɔ ale: Mitsɔ anyigba dzi nu vevia ɖewo de miaƒe kotokuwo me yi ɖana ŋutsu la: lifi kple anyitsi via ɖe, ami ʋeʋẽ, kotoklobo, ayedee kple newo.


Eye wotsɔ sika talento alafa ɖeka kple blave kple atike ʋeʋẽe geɖe ŋutɔ kpakple kpe xɔasiwo na fia la; womegatsɔ atike ʋeʋẽe vɛ wòsɔ gbɔ de esi Saba-fianyɔnu la na fia Salomo la nu kpɔ o.


Eye Xiram ɖo sika talento alafa ɖeka kple blave ɖe fia la.


Eye esi Seba-fianyɔnu se, alesi Salomo ŋkɔ ɖi la, eva Yerusalem kple ameha gãa ɖe kple kposɔ, siwo tsɔ atike ʋeʋẽe, sika geɖe kple kpe xɔasiwo la, be yeatsɔ adzototo ado Salomo akpɔ, eye wòva Salomo gbɔ hegblɔ nya, siwo katã le eƒe dzi me la nɛ.


Eye Xuram ƒe dɔlawo kple Salomo ƒe dɔlawo, amesiwo tsɔ sika tso Ofir vɛ la, he papawutiwo kple kpe xɔasiwo ve.


Wo dome ɖesiaɖe hea nunanawo vanɛ nɛ ƒeawo tsyo ƒe, siwo nye klosalonuwo kple sikanuwo, awuwo kple aʋawɔnuwo, atike ʋeʋẽe, sɔwo kple tedzisɔwo.


Woakafu Yehowa, wò Mawu, amesi ŋu wò nu nyo, be wotsɔ wò ɖo eƒe fiazikpui dzi nènye fia na Yehowa, wò Mawu la. Esi Mawu lɔ̃ Israel, eye wòna nɔƒee tegbee la, eyata wòtsɔ wò ɖo fiae ɖe wo nu, ne nadrɔ̃ ʋɔnu, eye nawɔ nu dzɔdzɔe.


Tarsis-fiawo kple ƒukpowo dzi fiawo atsa nunanawo vɛ, Saba-fiawo kple Seba-fiawo axe nudzɔdzɔ.


Anɔ agbe, eye woana Seba-sikae, woado gbe ɖa ɖe eta ɖaa, eye woakafui ɣesiaɣi.


Eye Yehowa gblɔ na Mose bena: Tsɔ atike, siwo ʋẽna lilili, siwo nye: lifi lãhɛtɔ, ƒumebɔbɔgo kple atimitsi ƒomevi vovovowo; woada wo katã sɔsɔe.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa