Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Kronika 9:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Eye Salomo ɖo eƒe biabiawo katã ŋu nɛ, biabiaa ɖeke meli, si Salomo do kpo eŋuɖoɖo nɛ o.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

2 Fia Solomo te ŋu ɖo eƒe biabiawo katã ŋu, naneke menɔ ɣaɣla ɖi o. Enya nu sia nu eye wòte ŋu ɖe nu sia nu me nɛ.

Onani mutuwo Koperani




2 Kronika 9:2
12 Mawu Ofanana  

kpɔ ɖa, mewo abe alesi negblɔ ene, eye metsɔ dzi nyanu, si sea nu gome la, na wò, ale be towò tɔgbea ɖeke menɔ ŋgɔwò va yi o, eye tɔwò tɔgbea ɖeke madzɔ le megbewò o.


Eye esi Seba-fianyɔnu se, alesi Salomo ŋkɔ ɖi la, eva Yerusalem kple ameha gãa ɖe kple kposɔ, siwo tsɔ atike ʋeʋẽe, sika geɖe kple kpe xɔasiwo la, be yeatsɔ adzototo ado Salomo akpɔ, eye wòva Salomo gbɔ hegblɔ nya, siwo katã le eƒe dzi me la nɛ.


Ke esi Seba-fianyɔnu la kpɔ Salomo ƒe nunya kple xɔ, si wòtu,


Ne èzɔ kple nunyalawo la, àdze nunya; ke ne ède ha kple bometsilawo la, azu emegbegblẽ.


Ŋutsu ƒe numenya enye tɔ goglo, eye tɔʋu, si le tsotsom kpakakpaka la, enye nunya ƒe vudo.


Eye wògblɔ na wo bena: Miawo la wona mawufiaɖuƒe la ƒe nuɣaɣla mi; ke ame mawo, siwo le egodo la, wona nuwo katã wo le lododowo me,


Eye ne menye lododowo o la, meƒoa nu na wo o; ke ne eya kple eƒe nusrɔ̃lawo ɖeɖe woli la, eɖea nuwo katã gome fia wo.


Nyemagayɔ mi be dɔlawo o, elabena dɔla menyaa nusi eƒe aƒetɔ wɔna o; ke meyɔ mi be xɔlɔ̃wo, elabena nusiwo katã mese tso Fofonye gbɔ la, mena mienya wo.


amesi me woɣla nunya kple sidzedze ƒe kesinɔnuwo katã ɖo.


Elabena Mawu ƒe nya la le agbe, eye wòsẽa ŋu, eye wòɖana wua yi nue-vee sia yi nuevee, eye wòƒona ɖe ame yina ɖe eme, halase esime wòmãa luʋɔ kple gbɔgbɔ kple ƒunukpeƒeewo kpakple ƒutomemi me, eye wònye tamesusuwo kple dzimedidiwo ƒe ʋɔnudrɔ̃la;


Ke ne mia dometɔa ɖe le nunya hiãm la, neɖe kuku na Mawu, si na amewo katã faa, eye medoa ŋukpe ame o la, eye wòatsɔe anɛ.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa