Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Kronika 8:12 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Ɣemaɣi Salomo sa numevɔ na Yehowa le Yehowa ƒe vɔsamlekpui, si woɖi ɖe akpala la ŋgɔ la dzi,

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

12 Solomo sa numevɔwo na Yehowa le Yehowa ƒe vɔsamlekpui si wòɖi ɖe akpata si le gbedoxɔ la ŋgɔ la dzi.

Onani mutuwo Koperani




2 Kronika 8:12
8 Mawu Ofanana  

sika nyuitɔ ɖe gaflowo, ʋutrewo kple kpluwo kpakple sikagoeawo ŋu, alesi atu goe ɖesiaɖe nu; kple klosalo ɖe klosagoeawo ŋu, alesi atu goe ɖesiaɖe nu;


Eye Salomo sa numevɔ akpe ɖeka le afima le akɔblivɔsamlekpui, si le Yehowa ŋku me le Mawu ƒe agbadɔa gbɔ la dzi.


Ke esi Asa se nyagblɔɖila Obed ƒe nya siawo kple eƒe nyagblɔɖiawo la, dzi ɖo eƒo, eye wò ɖe ŋunyɔnuwo ɖa tso Yuda-nyigba blibo la dzi kple Benyamin kpakple du, siwo woxɔ ɖe Efrayim-to dzi la me, eɖɔ Yehowa ƒe vɔsamlekpui, si le Yehowa ƒe akpata nu la ɖo,


Eye wòwɔ akɔblivɔsamlekpui la, edidi abɔklugui blave, eye wòkɔ abɔklugui ewo.


Amegã la si me numevɔsa, nuɖuvɔsa kple nunovɔsa le ŋkekenyuiewo dzi, le dzinu yeyewo kple dzudzɔgbewo dzi, kpakple le Israel ƒe takpegbewo katã nanɔ, eya ana woasa nuvɔ̃vɔ, nuɖuvɔ, numevɔ kple akpedavɔ, ne woalé avu na Israel ƒe aƒe la.


Eye wòkplɔm va Yehowa ƒe aƒe ƒe xɔxɔnu metɔ, kpɔ ɖa, ano ŋutsu blave vo atɔ̃ le Yehowa ƒe gbedoxɔ ƒe mo nu le akpata la kple vɔsamlekpui la dome, wòtrɔ megbe ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ la, eye wotrɔ ŋgɔ dze ɣedzeƒe hele gbe dom ɖa na ɣe do de ɣedzeƒe gome.


Nunɔlawo, amesiwo subɔa Yehowa la, nefa avi le akpata kple vɔsamlekpui la domee agblɔ be: Yehowa, kpɔ nublanui na wò dukɔ, eye megahe ŋukpe va wò domenyinu la dzi, ne dukɔwo nanɔ ahama sim ɖe wo ŋu o. Nukaŋuti woanɔ gbɔgblɔm le dukɔwo dome be: Afika woƒe Mawu le hã?


eye Yesu le tsa ɖim le mawuƒea le Salomo ƒe akpata la me.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa