Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Kronika 7:9 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Ŋkeke enyilia enye ŋkekenyuie ƒe takpegbe, elabena wokɔ vɔsamlekpui la ŋu ŋkeke adre, eye woɖu ŋkekenyuie la ŋkeke adre.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

9 Wode ŋkekenyui sia ƒe akpedasɔleme mamlɛtɔ le ŋkeke enyia gbe.

Onani mutuwo Koperani




2 Kronika 7:9
10 Mawu Ofanana  

Tete Israel-ŋutsuwo katã kpe ta ɖe fia Salomo gbɔ le ŋkekenyuie la dzi le ɣleti Etanim, si nye ɣleti adrelia dzi.


Eye Salomo kple Israel blibo, si le eŋu la, ɖu ŋkekenyuie la ɣemaɣi; ameha gãa ɖe tso Xamat-nutowo me, vaseɖe Egipte-tɔʋu la gbɔ, va Yehowa, mía Mawu la ŋku me, ŋkeke adre kple ŋkeke adre, ele ŋkeke wuiene.


Eye ameha blibo la ɖo be, yewoagaɖui ŋkeke adre, eye woɖui ŋkeke adre sɔŋ kple dzidzɔ.


Le dzinu adrelia ƒe ŋkeke blave vɔ etɔ̃lia dzi la edo mɔ dukɔ la woyi woƒe agbadɔwo me kple dzidzɔ, eye woƒe dzi dze eme le nu nyui, si Yehowa wo na Dawid kple Salomo kpakple eƒe dukɔ Israel la ŋuti.


Exlẽ Mawu ƒe segbalẽ la gbesiagbe tso ŋkeke gbãtɔ dzi vaseɖe ŋkeke mlɔetɔ̃ dzi. Woɖu ŋkekenyuie la ŋkeke adre sɔŋ, eye ŋkeke enyilia nye takpegbe, abe alesi wònye kɔnui ene.


Ŋkeke adre sɔŋ name avulénuwo le vɔsamlekpui la dzi, eye nawɔe kɔkɔe, bena vɔsamlekpui la nazu nu kɔkɔetɔ. Nusianu, si aka vɔsamlekpui ŋu la, azu kɔkɔe.


Miɖo nutsitsidɔ kɔkɔe, eye miɖe gbe ƒã takpegbe! Miƒo ame tsitsiwo kple anyigbadzitɔwo katã nu ƒu ɖe Yehowa, mia Mawu la ƒe me, eye mido ɣli na Yehowa!


Ŋkeke adre miasa dzovɔ na Yehowa. Ŋkeke enyilia nanye takpegbe kɔkɔe na mi, eye miasa dzovɔ na Yehowa; takpegbe wònye, miawɔ asinudɔa ɖeke o.


Esime wole ami sim na vɔsamlekpuia la, amegãwo dzɔ nu, bena woatsɔ akɔ eŋui, eye wotsɔ nunanawo va vɔsamlekpui la ŋgɔ.


Ŋkeke ade sɔŋ naɖu nu maʋamaʋã, ke ŋkeke adrelia enye takpegbe na Yehowa, wò Mawu la; megawɔ dɔa ɖeke le edzi o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa