Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Kronika 7:22 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

22 Eye woaɖo ŋu be: Esi wogblẽ Yehowa, wo fofowo ƒe Mawu, si kplɔ wo tso Egipte-nyigba dzi la ɖi, eye woku ɖe mawu bubuwo ŋu, wode ta agu na wo, eye wosubɔ wo la, eyata wòhe dzɔgbevɔ̃e siawo katã va wo dzi ɖo.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

22 Woaɖo eŋu be, ‘Elabena ameawo ɖe asi le Yehowa, wo fofowo ƒe Mawu, ame si kplɔ wo do goe le Egiptenyigba dzi la ŋu eye wosubɔ mawu bubuwo eya tae wòhe dzɔgbevɔ̃e sia va wo dzi ɖo!’ ”

Onani mutuwo Koperani




2 Kronika 7:22
10 Mawu Ofanana  

Eye wòkplɔ Kaldeatɔwo ƒe fia va ƒu wo, amesi wu woƒe ɖekakpuiwo kple yi ɖe woƒe kɔkɔeƒe la ƒe aƒe me, eye meve ɖekakpuiwo kple ɖetugbiwo, ame tsitsiwo kple amegã ɖeɖiwo nu o; etsɔ wo katã de asi nɛ.


Eye madrɔ̃ ʋɔnu kpli wo le woƒe vɔ̃ɖiwɔwɔwo katã ta, le esi wogblẽna ɖi eye wodo dzudzɔ na mawu tutɔwo, eye wode ta agu na woƒe asinudɔwɔwɔwo ŋuti.


ekema naɖo ŋu na wo bena: Ale Yehowa gblɔ esi: Elabena mia fofowo gblẽm ɖi, eye wodze mawu tutɔwo yome, wosubɔ wo, eye wode ta agu na wo, ke wogblẽ nye ya ɖi, eye womelé nye seawo me ɖe asi o.


Yehowa be: Ke ne mieɖo to nya siawo o la, ekema metà ɖokuinye ƒe agbe: Ne aƒe sia mazu aƒedo o fĩ!


Eye woata akɔ na mi, nenye be, miekpɔ woƒe zɔzɔme kple woƒe nuwɔnawo, eye miadze sii be, menye dzodzroe mewɔ nusiawo katã ɖe eŋu ɖo o, Aƒetɔ Yehowa ye gblɔe!


Eye wòwɔ eƒe nya, si wògblɔ ɖe mía kple míaƒe ʋɔnudrɔ̃la, siwo drɔ̃ ʋɔnu mí ŋu la dzi, be yeahe dzɔgbevɔ̃e, si meva me le dziƒo blibo la te kpɔ o la, ava mia dzii, abe alesi wodzɔ ɖe Yerusalem dzii ene.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa