Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Kronika 7:21 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

21 Eye ne amesiame va to xɔ sia, si ŋkɔ nyɔ tsã la ŋuti yina la, eƒe nu aku, eye woabia bena: Nukata Yehowa wo anyigba sia kple xɔ sia ɖo alea?

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

21 Gbedoxɔ sia azu xɔ gbagbã si ƒe xɔtunuwo woali kɔe ɖi eye ame sia ame si ava tso eme yina la ƒe nu aku, eye wòabia be, ‘Nu ka ta Yehowa wɔ nu siawo ɖe anyigba sia kple gbedoxɔ sia ŋu?’

Onani mutuwo Koperani




2 Kronika 7:21
12 Mawu Ofanana  

Eyata Yehowa ƒe dɔmedzoe va Yuda kple Yerusalem dzi, eye wòwɔ wo wòzu bibidonu, ŋɔdzinu kple alɔmeɖenu, abe alesi miele ekpɔmi kple miaƒe ŋkuwo ene.


Ne ègblɔ le wò dzi me be: Nukata nusia dzɔ ɖe ye dzi hã la, le wò vodada gbogboawo tae woklo taɖedzi le ŋuwò, eye woɖe ƒuƒlu wò afɔkpodzi ɖo.


Mana du sia nazu gbegbe kple alɔmeɖenu; amesiame, si to eŋu yina la ƒe nu aku le eƒe fuɖenamewo katã ŋu, eye wòaɖe alɔme le eŋu.


Ɖe ze gbagbã, si ɖi gbɔ, enye Xonya sia loo, alo ze, si ƒe nu menyoa amea ɖeke ŋu o la, wònyea? Nukata wonyã eya kple viawo de gbe, eye wotsɔ wo ƒu gbe ɖe anyigba, si womenya o la dzi?


Yehowa be: Ke ne mieɖo to nya siawo o la, ekema metà ɖokuinye ƒe agbe: Ne aƒe sia mazu aƒedo o fĩ!


Edom azu gbegbe, eye amesiame, si to eŋu yina la ƒe nu aku wòado tsia ɖe woƒe abixɔxɔwo katã ŋu.


Eye wòava me, ne wogblɔ be: Nukata Yehowa wɔ nusiawo katã mí ɖo hã la, ekema naɖo ŋu na wo be: Alesi miegblẽm ɖi hesubɔ mawu tutɔwo le mia ŋutɔwo miaƒe anyigba dzii la, nenema ke miasubɔ du bubu me tɔwo le anyigba, si menye mia tɔ o la dzii.


Le Yehowa ƒe dɔmedzoe ta azu aƒedo kple gbegbe ɖikaa, ale be amesiame, si to Babel ŋu yina la ƒe nu aku, eye wòado tsiã le woƒe abixɔxɔwo katã ta.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa