Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Kronika 6:12 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Eye wòtsi tre ɖe Yehowa ƒe vɔsamlekpui la ŋgɔ le Israel-ha blibo la ŋku me, eye wòke eƒe abɔwo ɖo ɖe dziƒo.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

12 Tete Solomo tsi tsitre ɖe Yehowa ƒe vɔsamlekpui la ŋgɔ le Israel ƒe ameha blibo la ŋkume eye wòke eƒe abɔwo me do ɖe dziƒo.

Onani mutuwo Koperani




2 Kronika 6:12
15 Mawu Ofanana  

Mia dometɔ, si vɔ̃a Yehowa la, neɖo to eƒe dɔla ƒe gbe; amesi le viviti me zɔm, eye kekelia ɖeke meklẽna nɛ o lã, neɖo dzi ɖe Yehowa ƒe ŋkɔ ŋu, eye wòaziɔ ɖe eƒe Mawu ŋu.


Meke nye alɔwo me na wò; nye luʋɔ ƒe veme ƒu ɖe ŋuwò kplakplakpla abe anyigba ene. Sela.


Elabena wò amenuveve nyo wu agbe; nye nuyiwo akafu wò.


Azɔ ne èdzra wò dzi do, eye nèke wò alɔwo me nɛ,


Emegbe Mese dzo le Farao gbɔ, eye esi wòdo le dua me la, eke eƒe abɔwo me na Yehowa, tete dziɖegbe kple kpetsi la nu tso, eye tsi dzudzɔ dzadza ɖe anyigba la dzi.


Eyata mele didim bena, ŋutsuwo nado gbe ɖa le afisiafi, eye woado asi kɔkɔewo ɖe dzi, dɔmedzoe kple ɖikekea ɖeke manɔmee.


Nye gbedodoɖa nenɔ ŋkuwò me abe dzudzɔ ʋeʋẽe ene, eye nye asiwo wuwu dzi nenɔ abe fiẽnuɖuvɔsa ene.


Blu ɖe aƒla me la kple nyitsuwo ƒe ha, siwo le dukɔwo ƒe nyiviwo dome la ta; woawo, amesiwo na wonyã avuzi le wo dzi le klosalo ta. Kaka dukɔ, siwo lɔ̃a aʋawɔwɔ la hlẽ!


Se nye kokoƒogbe, ne meɖo ɣli na wò, eye mewu nye asiwo dzi ɖo ɖe wò kɔkɔeƒewo ƒe kɔkɔeƒe la!


Eye fia la tsi tre ɖe enɔƒe hebla nu le Yehowa ŋku me, be yeadze Yehowa yome, eye yealé eƒe sewo, ɖaseɖiɖiwo kple ɖoɖowo me ɖe asi tso dzi blibo kpakple luʋɔ blibo me, eye yeawɔ nubabla sia ƒe nya, siwo katã woŋlɔ ɖe agbalẽ sia me la dzi; eye dukɔ blibo la bia nu.


Esi wòkpɔ bena, fia la tsi tre ɖe kɔkɔƒe, abe alesi wònye kɔnu ene, amegãwo kple kpẽkulawo ƒo xlã fia la, esi dukɔ hahoo la le dzidzɔ kpɔm hele kpẽ kum la, Atalya dze eƒe awuwo gblɔ bena: Nugbeɖoɖoe! Nugbeɖoɖoe!


eye metsɔ aɖaka la, si me nu, si Yehowa bla kple Israel-viwo le la, da ɖe afima.


Elabena Salomo tsɔ akɔbli wɔ kɔkɔƒea ɖee heda ɖe xɔxɔnu la titina; edidi abɔklugui atɔ̃, keke abɔklugui atɔ̃, eye wòkɔ abɔklugui atɔ̃; eya dzi wòtsi tre ɖo hedze klo le Israel-ha blibo la ŋku me, eye wòke eƒe abɔwo ɖo ɖe dziƒo


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa