4 Israel-ame tsitsiwo katã va, eye Lewi-viwo kɔ aɖaka la,
4 Esi Israelviwo ƒe ametsitsiwo katã va ɖo la, Levitɔwo tsɔ nubablaɖaka la,
Eye Israel-ame tsitsiwo katã kple nusiawo ɖatsɔ aɖaka la.
Emegbe Dawid de se be, amea ɖeke mekpɔ mɔ atsɔ Mawu ƒe aɖaka la o, negbe Lewi-viwo ko, elabena woawoe Yehowa tia, be woatsɔ Mawu ƒe aɖaka la, eye woasubɔe tegbee.
eye wotsɔ aɖaka la, Mawu ƒe agbadɔ la kple nu kɔkɔe, siwo katã le agbadɔa me la vɛ; nunɔlawo kple Lewi-viwoe tsɔ wo vɛ.
Eye nunɔlawo kɔ Yehowa ƒe nubablaɖaka la ɖada ɖe eteƒe le Kerubiwo ƒe aʋalawo te le xɔ la ƒe megbexɔ, si nye kɔkɔeawo ƒe kɔkɔeƒe la me.
Ne Aron kple viaŋutsuwo bia nu ɖe nu kɔkɔeawo kple wo ŋu nuawo katã ŋu va, eye ameha la le hoho ge la, eya ko hafi Kehat viwo nava atsɔ wo, bena womagaka asi nu kɔkɔeawo ŋu ahaku o. Esiawo nye Mawu ƒe agbadɔ la ŋu nusiwo Kehat-viwo natsɔ.
Eye Yosua gblɔ na nunɔlawo bena: Mikɔ nubablaɖaka la dze dukɔ la ŋgɔ! Tete wokɔ nubablaɖaka la dze dukɔ la ŋgɔ.
Tete Yosua, Nun vi, yɔ nunɔlawo gblɔ na wo bena: Mitsɔ nubablaɖaka la, eye nunɔla adre natsɔ akɔfɛ adre adze Yehowa ƒe aɖaka la ŋgɔ.