Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Kronika 4:7 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Ewɔ sikakaɖi; ewo ɖe woƒe ɖoɖo la nu eye wòtsɔ wo ɖa ɖe dodonuxɔ la me, wo ame atɔ̃ le ɖusi me, eye wo ame atɔ̃ le mia me.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

7 Solomo wɔ Mawu ƒe ɖoɖowo dzi eye wòwɔ sikakaɖiti ewo da ɖe gbedoxɔ la me, atɔ̃ nɔ gli ŋu le dziehe gome eye atɔ̃ hã nɔ gli ŋu le anyiehe gome.

Onani mutuwo Koperani




2 Kronika 4:7
13 Mawu Ofanana  

Wòtsɔ anyinɔ atɔ̃ ɖo xɔ la ƒe ɖusikpa dzi, gatsɔ wo ame atɔ̃ ɖo xɔ la ƒe mia me kpa dzi, eye woɖo gazɔ la xɔa ƒe ɖusikpa dzi le ɣedzeƒe gome ɖo ta dziehe.


etso sika nyuitɔ wo akaɖitiwo, wo ame alɔ̃ le ɖusi me, eye wo ame atɔ̃ le mia me le megbexɔ la ŋgɔ, eye wotsɔ sika wɔ seƒoƒoawo, akaɖigbɛawo kple ɖovulãnuawoe.


Etsɔ nusiwo katã wobu ɖe ta me la ƒe nɔnɔme de asi nɛ, siwo nye Yehowa ƒe aƒe la ƒe kpɔwo kple eŋu xɔwo katã godoo, Mawu ƒe aƒe la ƒe nudzraɖoƒewo kple nu kɔkɔeawo dzraɖoƒewo;


sika ɖe sikanuawo ŋu, alesi atu subɔsubɔnuawo dome ɖesiaɖe nu,


sika ɖe sikakaɖitiawo kple woƒe sikakaɖigbɛawo ŋu, alesi atu akaɖiti ɖesiaɖe kple eƒe akaɖigbɛawo nu; klosalo ɖe klosalokaɖitiawo nu, alesi atu akaɖiti ɖesiaɖe kple eƒe akaɖigbɛwo nu, le alesi woawɔ akaɖiti ɖesiaɖe ŋu ɖoe nu;


Nusiawo katã Yehowa, amesi fia do siawo katã ƒe nɔnɔmem la ƒe asi ŋlɔ nam.


Azɔ Yesu gaƒo nu na wo gblɔ bena: Nyee nye xexeame ƒe kekeli la; amesi ke dzea yonyeme la, mele viviti la me zɔ ge akpɔ o, ke boŋ agbe la ƒe kekeli anɔ esi.


nenem me siawo subɔa nusiwo nye dziƒonuwo ƒe kpɔɖeŋu kple vɔvɔli, abe alesi Mawu ɖee fia Mose, esime wòle agbadɔ la wɔ ge la ene; elabena egblɔ be: „Kpɔ dzi, be nawɔ nuwo katã ɖe nɔnɔme, si wofiã wo le toa dzi la nu.“


Ɣletivi adre, siwo nèkpɔ le nye nuɖusi me kple sikakaɖiti adre la ƒe nya ɣaɣla enye si: Ɣletivi adreawoe nye hame adreawo ƒe dɔlawo, eye akaɖiti adreawoe nye hame adreawo.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa