Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Kronika 32:4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Eƒo ameha gãa ɖe nu ƒu, eye woxe vudowo katã kple lɔʋu, si si to anyigba la titina hegblɔ bena, ne Asur-fiawo va la, ne womagakpɔ tsia ɖeke o.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

4 Wodi dɔwɔla geɖewo woxe vudoawo katã kple tɔsisi si si to agblewo me. Wobia be, “Nu ka ta Asiria fia ava eye wòakpɔ tsi ano?”

Onani mutuwo Koperani




2 Kronika 32:4
15 Mawu Ofanana  

Tete wò trɔ tso egbɔ ɖalé nyi eve hewu, eye wòtsɔ nyiawo ƒe ŋutinuwo heɖa lã lae na wo, eye wòtsɔe na ameawo woɖu. Emegbe wòtso dze Eliya yome, eye wòsubɔe.


Eyata na dzi nyanu wò dɔla, ne wòadrɔ̃ ʋɔnu wo dukɔ, eye wòaɖe vovo nyui kple vɔ̃ dome, elabena ameka ale ŋu adrɔ̃ ʋɔnu wò dukɔ gã sia?


Le Xizkiya ƒe ƒe wuienelia me la Asur-fia Sanxerib ho ɖe Yuda-du sesẽwo katã ŋu, eye wòxɔ wo.


Le fia Xizkiya ƒe ƒe enelia, si nye Israel-fia Hosea, Ela vi ƒe ƒe adrelia me la, Asur-fia Salmanaser ho ɖe Samaria ŋu, eye woɖe to ɖee.


Yehowa, Asur-fiawo nya tsrɔ̃ dukɔwo kple woƒe anyigbawo vava.


Xizkiya ŋutinya susɔea kple eƒe kalẽwɔwɔwo katã, alesi wòɖe ta kple tɔʋui, eye wòhe tsi va dua mee la, woŋlɔ wo ɖe Yuda-fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me.


Eye wotsi tre fɔ vɔsamlekpui, siwo le Yerusalem, kple dzudzɔdovɔsamlekpuiwo katã ɖaƒu gbe ɖe Kidron-tɔʋu la me.


Le nya siawo kple nuteƒewɔwɔ siawo megbe la Asur-fia Sanxerib va, eye woho de Yuda ŋu heɖe to ɖe ɖu sesẽwo, eye wòdi be, yeaxɔ wo.


ede adaŋu kple eƒe amegãwo kpakple eƒe kalẽtɔwo be, woaxe tsivudo, siwo le dua godo, eye wokpe de eŋu.


Eyae nye Xizkiya, si xe Gixon-tɔ la ƒe nugbɔ, eye wòɖe tɔʋu nɛ to Dawid ƒe ɖu la ƒe ɣedzeƒe gome. Nusianu, si Xizkiya wɔ la, dze edzi ne.


Elabena egblɔ be: Ɖe nye amegãwo katã menye fiawo oa?


Eye miede tsiʋe ɖe gli eveawo dome na ta xoxo la me tsiwo; ke mietrɔ kɔ ɖe amesi wɔe la ŋu o, eye mielé ŋku ɖe amesi wɔe tso gbaɖegbe ke la ŋu o.


Miekpo be, Dawid ƒe du la ƒe gbagbãƒewo so gbɔ, eye mieƒo anyigbeta ƒe tsiwo nu ƒu;


Du tsi na ɖokuiwò, elabena wole to ɖe ge ɖe wò, eye ƒu kpo ɖe dzi, ɖo agbi me nanyã anyi, eye namè anyikpewo!


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa