Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Kronika 3:4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 akpata, si le xɔ la ƒe kekeme ŋgɔ ƒe didime le abɔklugui ewo, eye kɔkɔme; le abɔklugui alafa ɖeka kple blave, eye wòfa sika nyuitɔ ɖe eme.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

4 Akpata si nɔ gbedoxɔ la ŋkume la didi mita asieke va se ɖe gbedoxɔ la ƒe kekeme eye wòkɔ mita blaatɔ̃-vɔ-ene. Wofa sika nyuitɔ ɖe eme katã.

Onani mutuwo Koperani




2 Kronika 3:4
6 Mawu Ofanana  

Akpata, si le gbedoxɔ lɔ ƒe dodonuxɔ nu la, ƒe didime le abɔklugui blave le xɔ la ƒe kekeme nu, eye wòkeke abɔklugui ewo le xɔ la ŋgɔdze.


Wodze eŋu kɔkɔ gɔme le dzinu gbãtɔ ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi, eye wova ɖo Yehowa ƒe akpata la me le dzinu la ƒe ŋkeke enyiliagbe hekɔ Yehowa ƒe xɔ la ŋu ŋkeke enyi sɔŋ, eye wowu enu le dzinu gbãtɔ ƒe ŋkeke wuiadelia dzi.


Emegbe wòkplɔm yi xɔ la ƒe akpata me, eye wòdzidze akpata la ƒe domegliwo, go si metɔ le abɔklugui atɔ̃, eye go keme metɔ le abɔklugui atɔ̃, agbo la ƒe kekeme le abɔklugui wuiene, eye agbo la ƒe axa dzi gli le abɔklugui etɔ̃ le go si me, eye wòle abɔklugui etɔ̃ le go keme me.


eye Yesu le tsa ɖim le mawuƒea le Salomo ƒe akpata la me.


Eye esi wòmiã eɖokui ɖe Petro kple Yohanes ŋu la, dukɔ blibo la katã si du va ƒo ƒu ɖe wo gbɔ le akpata, si woyɔna be Salomo ƒe akpata la me, eye woƒe nu ku.


Eye dzesi kple nukunu geɖewo va me le dukɔ la dome to apostolowo ƒe asi dzi. Eye wo katã wonɔ anyi kple tame ɖeka le Salomo ƒe akpata la me.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa