Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Kronika 22:9 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Edi Axazya, eye wolée, esime wòɣla ɖe Samaria. Eye wokpɔe va Yehu gbɔ, eye wòna wowui hetso ɖi; elabena wogblɔ be, eya nye Yosafat, amesi tso eƒe dzi blibo di Yehowa la ƒe vi. Azɔ amea ɖeke megale Axazya ƒe me, amesi ate ŋu aɖu fia o.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

9 Esi Yehu kple eƒe amewo nɔ Ahazia dim la, wokpɔe wòbe ɖe Samaria du me, wolée yi na Yehu eye wòwui. Woɖi Ahazia abe fia ene elabena Fia Yehosafat, ame si subɔ Yehowa kple dzi blibo la ƒe tɔgbuiyɔvie. Ahazia ƒe vi Yoas koe tsi agbe aɖu fia ɖe eteƒe;

Onani mutuwo Koperani




2 Kronika 22:9
14 Mawu Ofanana  

eye wòdo ɣli gblɔ na Mawu ƒe ame, si tso Yuda va la bena: Esi negbe toɖoɖo Yehowa ƒe gbe, eye melé se, si Yehowa, wò Mawu, de na wò me ɖe asi o,


Eye Israel blibo la afa nɛ, eye woaɖii, elabena eya ɖeɖe koe anye Yerobeam ƒe ame, si woaɖi ɖe yɔdo me, elabena eya ko ŋu wokpɔ nane, si dze Yehowa, Israel ƒe Mawu la ŋu le Yerobeam ƒe me la le.


Eye esi woge ɖe eme ɖu nu no nu la, egblɔ bena: Miyi ɖakpɔ fiƒodeme sia ɖa, ne miaɖii, elabena fia vinyɔnue.


Ke wokpɔ nyuiwɔwɔa ɖewo le ŋuwò, elabena eɖe Asera wo ɖale anyigba la dzi, eye nètso wò dzi di Mawu.


Eye woho va dze Yuda dzi heta kesinɔnu, siwo katã wokpɔ le fia ƒe me la dzoe; wokplɔ viawo kple srɔ̃wo hã dzoe, eye viŋutsua ɖeke mekpɔtɔ nɛ o, negbe viawo ƒe dɔmlɔea Yoaxaz ko.


Exɔ ƒe blaetɔ̃ vɔ eve, esime wòzu fia, eye woɖu fia ƒe enyi le Yerusalem; eye wòyi, ke eƒe nu meve amea ɖeke o; woɖii ɖe Dawid ƒe du la me, ke menye ɖe fiawo ɖiƒe o.


Eye esi Yoram va ɖo fofoa ƒe fiaɖuƒe la nu, eye woli ke eɖokui la, etsɔ yi wu nɔviawo katã kple Israel-amegãwo dometɔa ɖewo.


Eye wòva me, esime Yehu le to hem na Axab ƒe aƒea la, ekpa Yuda-amegãwo kple Axazya nɔviwò ƒe viwo, amesiwo subɔa Axazya la, — eye wowu wo.


Eye esi wodzo le egbɔ la, — ele dɔ lém vevie, hafi wogblẽe ɖi, — eƒe dɔlawo bla ɖe eŋu le hlɔ̃, si wòɖo ɖe nunɔla Yoyada ƒe viwo ŋu la ta; eye wowui ɖe eƒe aba dzi. Ale woku, eye woɖii ɖe Dawid ƒe du la me, ke womeɖii ɖe fiawo ɖiƒe o.


Tso esime Amazya trɔ le Yehowa yome la, woɖo nugbe ɖe eŋu le Yerusalem. Tete wòsi yi Laxis; ke wodo ame ɖe eyome ɖe Laxis, eye wowui le afima.


Eye eƒe dɔlawo ɖo nugbe ɖe eŋu hewui le eƒe me.


Miadim, eye miakpɔm, nenye be miebia tanye se tso miaƒe dzi blibo me ko.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa